Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Oct. 15
“Nukae hiã bene xexeame nanyo wu alesi wòle fifia eye dzidzɔ nanɔ eme? [Na wòaɖo eŋu.] Amegbetɔ dze agbagba ɖo dziɖuɖu ƒomevi vovovo anyi kpɔ be yeatsɔ ana nuwo naka ɖe eme. Gake se nusi nye Mawu ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu ɖa. [Xlẽ Yeremya 10:23.] Nyati sia ƒo nu tso ‘Nusi Ahe Xexe si me Dzidzɔ Le Vɛ’ ŋu eye wògafia alesi esia gbɔna kpuie hã.”
Nyɔ! Nov. 8
“Ðe nàlɔ̃ ɖe edzi be amewo le nuteɖeamedzi geɖe me tom egbea wu tsãa? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ nusia ƒe nya ɖi. [Xlẽ Timoteo II, 3:1.] Ame geɖe kpɔnɛ be agbea sesẽ ale gbegbe be wowua wo ɖokui. Dzideƒonamenya vavãwo le magazine sia me. Efia alesi míawɔ anɔ te ɖe dziɖeleameƒo nu kple alesi míawɔ agbea nanya nɔ na mí.”
Gbetakpɔxɔ Nov. 1
Ne èƒo nu tso nudzɔdzɔ ɖefuname aɖe ŋu vɔ la, bia be: “Nukatae amewo wɔa nu vɔ̃ɖi siawo? Ele be mí katã míanya nusi nye nyui kple vɔ̃, gake amewo gale nu gbegblẽwo wɔwɔ dzi kokoko. Nukae na? [Ne eɖo eŋu vɔ la, xlẽ Nyaɖeɖefia 12:9.] Magazine sia ɖe alesi míawɔ akpɔ mía ɖokui tae to míaƒe dzitsinya takpɔkpɔ me la me.”
Nyɔ! Nov. 8
“Mexɔe se be àlɔ̃ ɖe edzi be míele ɣeyiɣi si me ŋutasesẽnuwo wɔwɔ bɔ ɖo me. [Ne eɖo eŋu vɔ la, xlẽ Timoteo II, 3:3.] Zi geɖe la, wowɔa ‘adãnuwo’ le ƒomea gɔ̃ hã me. Nyati sia si nye ‘Kpekpeɖeŋu na Nyɔnu Siwo Woƒona’ gblɔ nya aɖe si naa mɔkpɔkpɔ ame. Ðewohĩ ànya ame aɖe si nàgblɔ emenyawo na.”