Gbeƒãɖeɖedɔ Gãtɔ Kekeake Si Wɔm Wole Le Xexea Me!
Ƒe 100 kple edzivɔwoe nye esia si Yehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo hele gbeƒã ɖem nya nyuia. (Kor. I, 9:23) Míegblɔa gbedeasi sia le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me le gbeƒãɖeɖedɔ gãtɔ sia si wɔm wole le xexea me egbea la me. Míeɖea gbeƒãe le dukɔ siwo wu 230 me. (Mat. 24:14) Nu ka tae dɔ sia hiã vevie alea gbegbe ɖo? Eye aleke wole ewɔm le xexea me godooe?
Video si nye Jehovah’s Witnesses—Organized to Share the Good News ɖo biabia siawo ŋu, eye wòna nyatakaka geɖe ku ɖe dɔ sia ƒe akpa vovovo siwo wɔm wole le dukɔ geɖe me egbea la ŋu. Ne èle Video sia kpɔm la, de ŋugble tso biabia siwo gbɔna la ŋu: (1) Ðoɖo kple mɔfiame kawo nue míaƒe dɔa zɔna ɖo? (2) Akpa kawoe Agbalẽŋɔŋlɔ Dɔwɔƒea, Gbegɔmeɖeɖedɔ Dzikpɔƒe, Nutata Dɔwɔƒea, Kasɛt kple Videokasɛt Dɔwɔƒeawo wɔ le nya nyui kaka dɔa me? (3) Taɖodzinu kawoe le agbalẽwo tata le agbɔsɔsɔ me kple agbalẽɖoɖoɖa ŋu? (Yoh. 17:3) (4) Agbalẽ ɖekaɖeka nenie wotana le ƒe ɖeka me? (5) Akpa kawoe míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo le wɔwɔm? (Heb. 4:12) (6) Nu ka wɔmee wole tsɔ le gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu nam ame siwo mete ŋu sea nu alo kpɔa nu nyuie o la? (7) Afi kae míekpɔa ga tsoe hena míaƒe dɔa wɔwɔ? (8) Viɖe kawoe míekpɔna tso Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakanalawo, Subɔsubɔdɔdzikpɔƒea, kple Takpekpe Ðoɖowo Dzikpɔƒea ƒe dɔwo me? (9) Abe Yehowa Ðasefo ene la, aleke Video sia kpɔkpɔ na wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu siwo gbɔna la ŋu dzi ɖe edzi, (a) agbagba si Yehowa ƒe habɔbɔa le dzedzem le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me? (b) dɔ siwo wɔm Betel ƒome siwo wu 100 le le xexea me godoo? (d) hehenana ƒe ɖoɖo si wowɔ na dzikpɔlawo kple duta nya nyui gblɔlawo? (ɖ) vevienyenye si le Ŋɔŋlɔawo me dzodzro atsɔ adze ŋkeke ɖe sia ɖe gɔme kple dzadzraɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa la ŋu? (e) viɖe siwo le míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede ŋu? (ɛ) nu siwo anyigba dzi Paradisoa ahe vae? (Yes. 11:9) (f) wò gomekpɔkpɔ le nuŋeŋedɔ sia si le edzi yim la me?—Yoh. 4:35.
Esi nèɖe video sia na wò ƒometɔwo, wò ame nyanyɛwo, ame siwo nèɖea gbeƒã na, kple wò Biblia nusrɔ̃viwo la, dɔ nyui kae wòwɔ ɖe wo dzi? Ðe manyo be nàɖe Video sia na ame bubuwo fifia ahaɖe gbeƒã nya nyuia na wo oa?—Mat. 28:19, 20.