Ŋkuɖodziɖuɣia—Mɔnukpɔkpɔ Nyui Aɖe Wònye Na Dɔ Geɖe Wɔwɔ!
1. Susu kawo tae wòle be míabu míaƒe subɔsubɔdɔa dzidzi ɖe edzi le March, April, kple May me ŋu?
1 Ðe nàte ŋu adzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzi le Ŋkuɖodziɖuɣi si gbɔna mea? Gbeƒãɖela aɖewo axɔ mɔkeke le dɔ me alo le suku eye woate ŋu atsɔe awɔ gbeƒãɖeɖedɔa. Gbeƒãɖela bubuwo akpɔ gome le ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela vevi ƒe dɔ si gɔme woadze le ɣleti si gbɔna me la me. Tso April 2 dzi la, míakpɔ gome le dɔ tɔxɛ aɖe me atsɔ akpe ɖetsɔlemetɔwo be woade Ŋkuɖodzia le April 17 dzi kpli mí. Esia megbe kpuie la, míadze agbagba atu ame siwo va la ƒe ɖetsɔleme ɖo, eye míakpe wo be woava se nuƒo tɔxɛ si woaƒo le April 25 ƒe kwasiɖaa me. Nyateƒee, susu geɖewo li siwo tae wòle be míabu míaƒe subɔsubɔdɔa dzidzi ɖe edzi le March, April, kple May me ŋu.
2. Mɔ nyui ka dzie míate ŋu ato awɔ geɖe wu le míaƒe subɔsubɔdɔa me?
2 Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔ Wɔwɔ: Mɔ nyui aɖe si dzi míato awɔ geɖe ye nye kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Esi wònye be vovo menɔa mí katã ŋu o ta la, esia bia ɖoɖowɔwɔ do ŋgɔ kple asitɔtrɔ le míaƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu. (Lod. 21:5) Ðewohĩ àte ŋu aɖe asi le dɔ aɖewo siwo nèwɔna edziedzi, siwo mele vevie tututu o, la ŋu hena ɣeyiɣi aɖe. (Flp. 1:9-11) Ðe manyo be nàna hamea me tɔ bubuwo nanya be èdi be yeawɔ mɔɖeɖedɔa oa? Ame aɖe manya nu o, woadi be yewoado eve na wò le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me.
3. Aleke ƒomewo ate ŋu awɔ ɖoɖo adzi woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi?
3 Le miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsi si gbɔna me la, anyo ŋutɔ be miadzro taɖodzinu siwo mieɖo abe ƒome ene la me. (Lod. 15:22) Ne miewɔ nu aduadu la, ɖewohĩ ƒomea me tɔ aɖewo ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka alo esi wu nenema. Ke ne miekpɔe be esia mate ŋu anya wɔ o ya ɖe? Ƒomea agate ŋu awɔ ɖoɖo kokoko be yewoadzi yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi to gbeadziyiyi le fiẽ aɖewo me alo gaƒoƒo geɖe wu zazã le gbeadzi le kwasiɖanuwuwuwo dzi.
4. Yayra kawoe míakpɔ ne míedzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi le Ŋkuɖodziɖuɣi sia?
4 Yehowa kpɔa agbagba siwo katã míedzena be míasubɔe la, eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe ale si míetsɔa nuwo saa vɔe la ŋu. (Heb. 6:10) Ne míena nu Yehowa kple ame bubuwo la, míekpɔa dzidzɔ. (1 Kron. 29:9; Dɔw. 20:35) Ðe nàte ŋu adzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzi le Ŋkuɖodziɖuɣia be nàkpɔ dzidzɔ kple yayra geɖe si dona tso emea?