Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
March 10 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 131
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa atsɔ awɔ ale si woana March 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple March ƒe yevugbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawoe. Le wɔwɔfiawo me la, woana Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽvia akpe ɖe eŋu.
20 min: Nu Ka Tae Míaƒo Ƒu Ðekae? Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe May 15, 2007, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 11-13 lia dzi. Kpe nyaselawo woagblɔ ale si hame ƒe kpekpewo dede ɖe vi na wo kple ale si wowɔ te ŋu ɖu mɔxeɖenuwo dzi ale be wotea ŋu dea kpekpeawo edziedzi.
15 min: “Míate Ŋu Ana Nane Yehowa.”a Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, kpe nyaselawo be woaƒo nu tso mawunyakpukpui siwo woyɔ gake womeŋlɔ wo me nyawo o la ŋu.
Hadzidzi 8
March 17 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 144
8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na nyaselawo be woatsɔ woƒe April 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple April ƒe yevugbe me Nyɔ! ɖe asi ava kwasiɖa si kplɔe ɖo ƒe Subɔsubɔ Kpekpea, eye woadzra ɖo ɖe dzeɖomɔnu siwo asɔ na miaƒe anyigbamama la me dzodzro ŋu do ŋgɔ. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.
17 min: Nyabiaɖaka si le axa 6 lia. Hamemetsitsi ƒe dɔ. Xlẽ nyati bliboa katã eye nàdzro eme. Te gbe ɖe asixɔxɔ si le Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe Kristotɔwo ƒe agbe dzadzɛ me léle ɖe asi ŋu la dzi wɔwɔ dzi.
20 min: “Aleke Míate Ŋu Akpe Ðe Ŋkuɖodzia Valawo Ŋui?”b Ne miele memama 5 lia me dzrom la, na woawɔ ale si woate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple Ŋkuɖodzia dela aɖe la kpuie.
Hadzidzi 214
March 24 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 111
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzra Ðo Ðe Magazine Yeyewo Nana Ŋu. Numedzodzro kple nyaselawo. Ne èƒo nu tso April 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple April ƒe yevugbe me Nyɔ! ŋu kpuie vɔ la, bia nyaselawo woagblɔ nyati siwo ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me kple nu si tae wòado dzidzɔ na wo ɖo la. Kpe nyaselawo woaƒo nu tso nyatiawo me nya aɖewo koŋ siwo ŋu wodi be yewoaƒo nu tsoe la ŋu. Nya kae woate ŋu abia atsɔ adze dzeɖoɖoa gɔmee? Ŋɔŋlɔ siwo dze le nyatia me kae woate ŋu axlẽ? Na woazã dzeɖomɔnu siwo ŋu woƒo nu tsoe siwo asɔ na miaƒe anyigbamama la, atsɔ ana April 1 ƒe Gbetakpɔxɔ alo April ƒe yevugbe me Nyɔ!
20 min: “Ètsia Megbe Ɣesiaɣia?”c Hamemetsitsi ƒe dɔ. Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, xlẽ memama tiatia aɖewo. Ne miele memama 7 kple 8 me dzrom la, bia nɔvi aɖewo woagblɔ nu si wowɔ be wotea ŋu vaa kpekpeawo kaba. De dzi ƒo na nyaselawo katã be woabu aɖaŋuɖoɖo siawo nya veviwoe, eye woawɔ asitɔtrɔ siwo hiã.
15 min: Míetsɔa Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nya Nyui Yina Na Amewo. Hamemetsitsi ƒe dɔ si wotu ɖe July 1, 2005, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 18-19, memama 10-14 dzi; ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o. Kpe nyaselawo woagblɔ ale si Fiaɖuƒegbedeasia na akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ wo zi gbãtɔ si wosee la.
Hadzidzi 29
March 31 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 37
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe March gbeadzikɔntabubu ana. Xlẽ gakɔnta kple miaƒe nudzɔdzɔ siwo va ɖo alɔdzedɔwɔƒea ŋuti nyatakakawo.
20 min: Wɔ 2008 Yearbook La Ŋu Dɔ Nyuie. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Dzro “Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ” si dze le axa 3-5 lia la me. Taflatsɛ, mide dzesii be lɛta sia dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ sia ƒe axa 3 kple 4 lia hã. Na nyaselawo dometɔ eve alo etɔ̃ naƒo nu tso nuteƒekpɔkpɔ aɖe si dze le Yearbook la me si de dzi ƒo na wo vevie la ŋu. Wɔ ɖoɖo do ŋgɔ be gbeƒãɖela ɖeka alo eve nagblɔ ɖoɖo si woawo ŋutɔwo wɔ ɖe Yearbook la xexlẽ ŋu. Le nuƒoa taƒoƒo me la, de dzi ƒo na nɔviawo katã be woaxlẽ agbalẽ bliboa.
15 min: “Mina Míatu Mía Nɔewo Ðo Le Gbeadzi.”d
Hadzidzi 145
April 7 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 186
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ Nyabiaɖaka si le axa 4 lia, “Ame kawoe wòle be woaxɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ?” eye nàdzro eme. Dzikpɔla zimenɔla ƒe dɔ. Ele be hamemetsitsiwo nalé ŋku ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbɔsɔsɔ si woxɔna la ŋu ahawɔ asitɔtrɔ siwo hiã le kwasiɖa sia me.
15 min: Nu Ka Tae Nèle Hehem Ðe Megbe Le Nyɔnyrɔxɔxɔ Ŋu? Hamemetsitsi ƒe nuƒo si wotu ɖe July 1, 2006, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 29-30, memama 14-17 lia dzi. Bia gbe gbeƒãɖela ɖeka alo eve siwo xɔ nyɔnyrɔ le woƒe ƒewuiwo me la kpuie. Nu kae ʋã wo woɖe afɔ vevi ma esime wonye ƒewuiviwo? Aleke woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ kpe ɖe wo ŋu wotsi le gbɔgbɔ me, si nye takpɔkpɔ na wo?
15 min: Nyabiaɖaka si le axa 7 lia. Hamemetsitsi ƒe dɔ. Xlẽ nyati bliboa katã eye nàdzro eme.
Hadzidzi 225
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro eme.
b Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro eme.
c Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro eme.
d Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro eme.