Ðoɖo Aɖe Si Wowɔ Na Subɔla Kristotɔwo
1. Ðoɖo yeye ka gɔmee wodze le ƒe 1938 me, eye taɖodzinu kae nɔ eŋu?
1 Le ƒe 1938 me la, Yehowa ƒe habɔbɔa dze ɖoɖo yeye aɖe gɔme. Wokpe hame aɖewo siwo le nuto ɖeka me la be woade nutome takpekpewo, siwo míeyɔna egbea be nutome sue takpekpewo. Le taɖodzinu ka ta? Míaƒe agbalẽvi si nye Informant (si míeyɔna fifia be Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ) la ƒe January 1939 tɔ ɖo eŋu be: “Takpekpe siawo nye ɖoɖo siwo Yehowa ƒe Teokrasihabɔbɔa wɔ ɖe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu la ƒe akpa aɖe. Mɔfiame siwo wonana le takpekpe siawo me la le vevie na mía dometɔ ɖe sia ɖe ale be míate ŋu awɔ dɔ si wode mía si la nyuie.” Ne míekpɔ ale si gbegbe Fiaɖuƒegbeƒãɖela ʋɛ siwo nye ame 58,000 siwo nɔ anyi le ƒe 1938 me dzi ɖe edzi va ɖo ame siwo wu 7,000,000 le ƒe 2009 me la, eme kɔ ƒãa be nutome sue takpekpewo le woƒe taɖodzinu, si nye be woakpe ɖe gbeƒãɖelawo ŋu woawɔ “dɔ si wode” wo si la, gbɔ ɖom!
2. Nu kawo ŋue nutome sue takpekpe si míade le subɔsubɔƒe yeyea me la aku ɖo?
2 Ƒe Si Gbɔna Me Tɔ Ƒe Tanya: Míele mɔ kpɔm na nutome sue takpekpe siwo míawɔ le subɔsubɔƒe yeyea me la kpakple dzideƒonya siwo míaxɔ le wo me la vevie. Woɖe takpekpea ƒe tanya si nye “Mienye Xexea Ƒe Akpa Aɖeke O” la tso Yohanes 15:19. Nuƒo siwo aɖe vi na subɔla Kristotɔwo godoo la dometɔ aɖewoe nye ekawo? Memleɖagbe la, míase nuƒo si ƒe tanyae nye, “Aleke Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Kpɔa Mía Tae?” Míase nuƒo kpui etɔ̃ siwo ƒe tanyawoe nye, “Mègaƒo Ði Ðokuiwò Kple . . .” “Lã Wɔadã La O,” “Gbolo Gã La O,” kple “Asitsala Mɔzɔlawo O.” Kwasiɖagbe la, míase nuƒo kpui siwo wotu ɖe tanya si nye, “Lɔ̃ Yehowa, Ke Menye Xexea O” la dzi. Nuƒo bubuwo ƒe tanyawoe nye “Miyi Edzi Mianɔ ‘Abe Amedzrowo Kple Ame Siwo Li Hena Ɣeyiɣi Kpui Aɖe La Ene’” kple “Milé Dzi Ðe Ƒo! Miate Ŋu Aɖu Xexea Dzi.”
3. Vi kawoe nutome sue takpekpe sia dede aɖe na mí?
3 Esi nɔvinyɔnu aɖe si megawɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me o de nutome sue takpekpe aɖe si wowɔ nyitsɔ laa la, eŋlɔ bena takpekpea me nyawo kpe ɖe ye ŋu yegbugbɔ lé ŋku ɖe yeƒe nɔnɔmeawo ŋu eye yetso nya me be “yeagatso ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu eye yeadzudzɔ taflatsɛdodo!” Ðikeke aɖeke mele eme o be, nutome sue takpekpe si míawɔ le subɔsubɔƒe yeyea me la akpe ɖe mí katã ŋu míalɔ̃ Yehowa ke menye xexea o. (1 Yoh. 2:15-17) Dze agbagba vevie be nàde takpekpe sia eye nàɖo to nyuie ale be ɖoɖo sia si wowɔ lɔlɔ̃tɔe na subɔla Kristotɔwo la naɖe vi na wò bliboe!