Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
Ƒe 2009 subɔsubɔƒea ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa ƒe tanyae nye ‘Yi Edzi Nàlé Be Na Subɔsubɔdɔ La Be Nàwɔe Ade Goe.’ Wotu tanya sia ɖe Kolosetɔwo 4:17 dzi. Mí Kristotɔwo míebua nuxlɔ̃ame ma nya vevii. Míaƒe taɖodzinue nye be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe nuteƒewɔwɔtɔe abe ale si Yesu wɔe ene. (Yoh. 17:14) Apostolo Paulo hã ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi na mí le go sia me. Eɖoe kplikpaa be yeawɔ yeƒe subɔsubɔdɔa ade goe.—Dɔw. 20:24.
Nuƒo si nutome sue dzikpɔlaa aƒo la aɖe ale si gbeƒãɖela vovovowo le kuxiwo dzi ɖum le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me la afia. Emegbe nuƒo si ƒe tanyae nye “Lé Be Na Nu Si Nèdo La” ate gbe ɖe ale si míate ŋu akpe ɖe “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la ŋu ŋutɔŋutɔ la dzi. (Dɔw. 13:48) Nuƒola si woɖo ɖa la adzro 2 Korintotɔwo 6:1-10 ƒe kpukpuiawo me ɖekaɖeka le nuƒo si ƒe tanyae nye, “Ale Si Míeɖea Mía Ðokui Fiana Be Míenye Mawu Ƒe Subɔlawo” la me. Le ŋdɔ me la, aƒo nuƒo si ƒe tanyae nye, “De Asixɔxɔ Gã Aɖe Wò Subɔsubɔdɔa Ŋu.” Ðikekemanɔmee la, nuƒo siwo ƒe tanyawoe nye “Ðeviwo Kple Tsitsiawo Siaa Le Dzidzɔ Kpɔm Le Subɔsubɔdɔa Me” kple “Sɔhɛ Siwo Wɔa Subɔsubɔdɔa Dea Goe” ado dzidzɔ na wò ŋutɔ. Ame siwo di be yewoatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ aɖo kpe yewoƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi le takpekpe sue siwo gbɔna me la nana woƒe dzikpɔla zimenɔla nanya kaba ale si wòanya wɔ. Gbetakpɔxɔ me dzodzro nye takpekpe sue kple takpekpe gã siwo katã míewɔna la ƒe akpa vevi aɖe. Ðo ŋku edzi nàtsɔ tata si míasrɔ̃ le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa ƒe kwasiɖaa me la ɖe asi.
Ne míele ŋku lém ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu be míawɔe ade goe la, míedzea agbagba be míakpɔ egbɔ be nu bubuwo kple dɔ bubuwo nagaxɔ ɣeyiɣi si wòle be míatsɔ awɔ dɔ sia si Yehowa de mía si la o. Ele be Ŋɔŋlɔawo me dzideƒo siwo woana mí le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa me nakpe ɖe mí katã ŋu míase nu si wòle be míawɔ bene nukpɔsusu nyui nakpɔtɔ anɔ mía si la gɔme, eye míade ŋugble le nu siwo wɔm míele le subɔsubɔdɔa me ŋu bene míawɔe ade goe.