INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/09 axa 1
  • Ƒe 2010 Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒe 2010 Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Nuɖuɖu Le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Ðoɖo Yeye Hena Takpekpe Suewo me Nyawo me Dzodzro
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 8/09 axa 1

Ƒe 2010 Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖo

1. (a) Tanya siwo wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi kawo mee wodzro le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ siwo míewɔ le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me? (b) Èɖo ŋku nufiame vevi aɖewo siwo míexɔ le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ siwo míewɔ va yi me siwo kpe ɖe ŋuwò le subɔsubɔdɔa me dzia?

1 ‘Mikpɔ Nu Siwo Le Vevie Wu La Dze Sii Nyuie,’ ‘Minɔ Tsitre Sesĩe Abe Alẽha Ðeka Ene,’ ‘Yi Edzi Nàɖi Ðase Tso Nyateƒea Ŋu,’ kple “Míawo La, Tsu Míenye—Yehowae Nye Mía Mela.” (Fp. 1:9, 10, 27; Yoh. 18:37; Yes. 64:7) Ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ siwo míewɔ va yi la dometɔ ʋɛ aɖewo ƒe tanyawoe nye esiawo. Ele dzrowòm vevie be yeade ƒe 2010 subɔsubɔƒea ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa? Woadzro tanya si nye, “Ɣeyiɣi Vi Aɖe Koe Susɔ,” si wotu ɖe 1 Korintotɔwo 7:29 dzi, la me le takpekpe sia me.

2. Aleke míate ŋu atu didi vevi ɖo ɖe takpekpea yiyi ŋu?

2 Ne wonya ɖe gbeƒã ŋkeke si miaƒe hamea ade ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa na mi ko la, dze egɔme nànɔ dze ɖom tso nyati siwo me woadzro la ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe. Dzila aɖewo ŋlɔa ŋkeke si dzi woade takpekpea ɖe ƒomea ƒe ɣletigbalẽ dzi, eye woŋlɔa nu vevi siwo woahiã le takpekpea dede me la ɖi kpena ɖe eŋu ale be wòakpe ɖe wo viwo ŋu be woanɔ mɔ kpɔm na takpekpea vevie, eye esia wɔnɛ be wonɔa ŋkeke siwo susɔ woade takpekpea la xlẽm. Le miaƒe ƒomea ƒe Fiẽtadeaguɣi la, miate ŋu atiae be yewoagbugbɔ nuŋlɔɖi siwo miewɔ le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ siwo va yi me la me adzro. Miate ŋu ato Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò gbalẽa ƒe axa 13-16 hã me atsɔ adzra miaƒe dzi ɖo ɖe takpekpe sia ŋu, be wòakpe ɖe mia kple wò ƒomea ŋu ‘mialé ŋku ɖe ale si mieɖoa toe ŋu.’—Luka 8:18.

3. Nu kawoe míawɔ be nufiame siwo míaxɔ le takpekpea me naɖe vi na mí bliboe?

3 Tsɔ Nu Siwo Nèsrɔ̃ La De Dɔwɔwɔ Me: Nya siwo ame geɖe lɔa gbɔgblɔ zi geɖe le takpekpewo ƒe nuwuwue nye, “Takpekpea vivi ŋutɔ!” Nya sia nye nyateƒe ɣesiaɣi elabena takpekpewo nye nu nyui siwo Yehowa naa mí la dometɔ ɖeka. (Lod. 10:22) Be nya siwo nèse naɖe vi na wò la, ele be nàde ŋugble le wo ŋu ahana woatsi dzi me na wò. (Luka 8:15) Ne mietrɔ tso takpekpea yina aƒe me la, dze agbagba mia kple wò ƒomea alo mia kple ame siwo ɖo ʋu ɖeka la miaɖo dze tso takpekpea me nuƒoawo ŋu. Miɖo dze tso miaƒe taɖodzinuwo kpakple nu siwo akpe ɖe mia ŋu le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la ŋu na mia nɔewo. Ewɔwɔ alea ana nya siwo miese le takpekpe me naɖe vi na mi hena ɣeyiɣi didi aɖe.—Yak. 1:25.

4. Nu ka tae takpekpe sia aɖe vi na mí ŋutɔ?

4 Ɣesiaɣi si ame aɖe na nane si míehiã ŋutɔŋutɔ mí la, edzɔa dzi na mí ŋutɔ. Ðe míele mɔ kpɔm vevie be míayi aɖaxɔ nu siwo Yehowa dzra ɖo ɖi na mí la le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si de ge míala la me oa? Míate ŋu aka ɖe edzi be aɖe vi na mí le mɔ geɖe nu. Míate ŋu akpɔ mɔ be míaxɔ nu siwo hiã mí ŋutɔŋutɔ tso mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, gbɔ, siwo ade dzi ƒo na mí ahadzra mí ɖo be míayi dɔ si wòde mía si la dzi.—2 Tim. 4:2; Yak. 1:17.

[Biabiawo]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe