Ðokuisinusɔsrɔ̃ Kple Ƒome Biblia Nusɔsrɔ̃ Le Vevie!
1. Nu ka mee Dziɖuha la tsɔ ɖe le vevie fifia, eye nu ka tae?
1 Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, Dziɖuha la tsɔ ɖe le Yehowa ƒe amewo ƒe nyonyo me vevie. (Dɔw. 15:6, 28) Esi xaxa gã la le aƒe tum ta la, ele vevie ŋutɔ be ƒomedodo sẽŋu nanɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖela ɖe sia ɖe kple Yehowa dome. Aleke nàzã ɣeyiɣi si woɖo ɖi na Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ tsã lae fifia? Wole dzi dem ƒo na nɔviwo katã be woazã ɣeyiɣi sia hena ƒomea ƒe tadedeagu ɖekae. Ɣeyiɣia zazã le nunya me akpe ɖe mía ŋu be míaku Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me nyuie wu, ale be míake ɖe tsi si naa agbe la ŋu.—Ps. 1:1-3; Rom. 11:33, 34.
2. Nu kae míate ŋu awɔ le míaƒe ƒomea ƒe fiẽtadeaguɣiwo me?
2 Ƒomea Ƒe Fiẽtadeaguɣiwo: Wode dzi ƒo na ƒome ƒe tawo be woatsɔ woƒe ƒomegbanɔamedzi si Yehowa de asi na wo, eye woakpɔ egbɔ be wowɔ ɖoɖo ɖe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi ŋu. (5 Mose 6:6, 7) Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nye trewo, eye ƒomegbanɔamedzi aɖeke mele wo dzi o la ate ŋu azã ɣeyiɣi sia na ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple numekukuwɔwɔ. Ele vevie be mí katã ‘míaƒle ɣeyiɣi si sɔ’ na nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede ale be ŋusẽ nanɔ mía ŋu le gbɔgbɔ me le ‘ŋkeke vɔ̃’ siawo me.—Ef. 5:15, 16.
3, 4. Nu kawoe woɖo aɖaŋu be míate ŋu azã atsɔ awɔ ƒome ƒe Biblia nusɔsrɔ̃, eye kple taɖodzinu ka?
3 Nu Si Woasrɔ̃: Watch Tower Publications Index alo Watchtower Library si le CD-ROM dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míake ɖe nyatakaka siwo ana ƒomea nase vivi le míaƒe Biblia nusrɔ̃ɣiwo. Ƒomewo ate ŋu asrɔ̃ nyati siwo dzena le Gbetakpɔxɔ me enuenu siwo dometɔ aɖewoe nye “Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ,” “Fia Nu Viwòwo,” kple “Na Sɔhɛwo.” Gakpe ɖe eŋu la, nyati si ƒe tanyae nye “Sɔhɛwo Biana Be,” kple nyati dodzidzɔname bubu siwo ku ɖe ale si nuwɔwɔwo nye nukunui ŋu la dzena le Nyɔ! magazineawo hã me.
4 Biblia xexlẽ dzigbɔɖitɔe ate ŋu ana mawumegɔmeɖosewo kple nufiamewo natsi susu kple dzi me na ƒomea me tɔwo katã be woatsɔ wo ade dɔwɔwɔ me. (Heb. 4:12) Ɣebubuɣiwo la, miate ŋu akpɔ habɔbɔa ƒe videowo dometɔ aɖe ahadzro eme. Mɔnukpɔkpɔ li be miatia nu si miasrɔ̃ kple ale si miasrɔ̃e. Nu ka tae màbia ƒomea me tɔwo woagblɔ nu si woadi be miasrɔ̃ la o?
5. Nu ka tae ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ le vevie na mí egbea nenema gbegbe ɖo?
5 Nu Si Tae Wòle Vevie Fifia: Ŋusẽdodo miaƒe gbɔgbɔmenyenye adzra mi ɖo be ‘Mianɔ tsitre sesĩe, akpɔ Yehowa ƒe xɔname.’ (2 Mose 14:13) Dzilawo hiã Mawu ƒe mɔfiame le wo viwo hehe me “le dzidzime gɔglɔ̃ totro [sia] titina.” (Fp. 2:15) Ðeviwo hiã kpekpeɖeŋu be woate ŋu akpe akɔ kple agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu si le to yim le sukuwo me egbea. (Lod. 22:3, 6) Anyo be srɔ̃tɔwo nado ŋusẽ “ka ŋukplaba etɔ̃” ƒe ƒomedodo si me wole kple Yehowa la. (Nyagb. 4:12) Eya ta, mina míawɔ ɣeyiɣi si susɔ la ŋu dɔ le nunya me atsɔ atu mía ɖokuiwo ɖo le míaƒe “xɔse kɔkɔetɔ kekeake” la me!—Yuda 20.