Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Oct. 1
“Ƒomegbenɔnɔ ŋuti nunyalawo de dzesi akpa vevi si vifofowo wɔna le ƒomea me. Nu kae nèsusu be eyae nana wonyea vifofo nyui? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Yesu te gbe ɖe ale si kpɔɖeŋu si Fofoa ɖo la kpe ɖe eŋui la dzi. [Xlẽ Yohanes 5:19.] Nyati sia ɖe nu vevi ade siwo wòle be vifofo nawɔ le eƒe agbanɔamedzia tsɔtsɔ me la fia.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 18 lia la fiae.
Awake! Oct.
“Nukpɔsusu siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu le subɔsubɔha vovovo me tɔwo si ku ɖe ale si tututu Mawu le la ŋu. Gake aleke Mawu ƒe Vi la ɖɔ eya Ameae? Se Yesu ƒe nya siwo dze le Yohanes 4:24 ɖa. [Xlẽe.] Nyati sia si le axa eve ko dzi gblɔ Biblia ƒe nukpɔsusu tso nyabiase si nye, “Aleke tututue Mawu le?” la ŋu.” Tsɔ nyati si le axa 24 kple 25 lia la fiae.
Gbetakpɔxɔ Nov. 1
“Nufiafia si nye be Mawu nye lɔlɔ̃ eye Mawu ma ke wɔa funyafunya amewo le dzo mavɔ me tegbee la, tɔtɔa ame geɖe. Nu kae wò hã nèsusu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔe eme kɔ be Mawu menye ŋutasẽla alo wɔɖenuiwɔla o. [Xlẽ Xezekiel 18:23.] Meka ɖe edzi be àkpɔ dzidzɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusu si woɖe gblɔ le magazine sia me la ŋu.”
Awake! Nov.
“Zi geɖe la, amewo bua ŋkɔxɔxɔ, kesinɔtɔnyenye, alo ŋusẽ be eyae nye dzidzedzekpɔkpɔ. Aleke nàɖe dzidzedzekpɔkpɔ gɔmee? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nu si Biblia gblɔ be eyae nana wokpɔa dzidzedze ɖa. [Xlẽ Psalm 1:1-3.] Nyati sia dzro nu ade aɖewo siwo nana wokpɔa dzidzedze la me.” Ƒo nu tso nyati si dze egɔme tso axa 6 lia ŋu kpuie.