Yehowa Le Hehe Nam Mí Hena Gbeƒãɖeɖedɔa Wɔwɔ
1. Ne Yehowa tsɔ dɔ aɖe de asi na amegbetɔwo la, nu ka hãe wòwɔna?
1 Ne Yehowa tsɔ dɔ aɖe de asi na amegbetɔwo la, enaa kpekpeɖeŋu si wohiã hã wo be woawɔ dɔa ade goe. Le kpɔɖeŋu me, esime Yehowa gblɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋu, si nye nane si Noa mewɔ kpɔ o la, Egblɔ ale si wòawɔe la hã nɛ. (1 Mose 6:14-16) Esi Yehowa de dɔ asi na alẽkplɔla ɖokuibɔbɔla Mose be wòayi ɖe Israel ame tsitsiwo kple Farao gbɔ la, ena kakaɖedzi Mose be: “Makpe ɖe ŋuwò nàƒo nu, eye mafia nu si nàgblɔ la wò.” (2 Mose 4:12) Le gbeƒãɖeɖe nya nyuia ƒe dɔ si Yehowa de mía si hã gome la, enaa mɔfiame hã mí le ale si míawɔe ŋu. Eto Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea dzi le hehe nam mí na dɔ sia wɔwɔ. Aleke míawɔ be hehenana sia naɖe vi na mí?
2. Aleke míawɔ be Teokrasi Subɔsubɔ Sukua naɖe vi na mí?
2 Teokrasi Subɔsubɔ Suku: Hafi nàyi kpekpe sia la, to dɔdeasi siwo woawɔ le eme la me do ŋgɔ. Emegbe ne èlé ŋku ɖe ale si sukuviawo le nyatia me ɖem esime wole woƒe dɔdeasia wɔm ŋu la, àsrɔ̃ ale si nàgabi ɖe nufiafia me geɖe wu. (Lod. 27:17) Tsɔ wò Subɔsubɔ Suku gbalẽa ɖe asi yi kpekpea eye nàzãe abe dɔwɔgbalẽ ene. Ne sukudzikpɔlaa he susu yi agbalẽa dzi le sukuvi ɖe sia ɖe ƒe dɔwɔwɔ megbe la, te fli ɖe nya vevi siwo ŋu dɔ nàdi be yeawɔ la te, eye nàŋlɔ nu si nèsrɔ̃ la ɖe teƒe ƒuƒlu siwo wogblẽ ɖe axaawo dzi. Ke hã mɔ nyuitɔ si dzi nàto be sukua naɖe vi na wòe nye be nàkpɔ gome le eme. Èŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua mea? Ne èxɔ dɔdeasi la, dzra ɖo nyuie eye wɔ ɖe aɖaŋu si woɖo na wò la dzi. Ne èle gbeadzi la, wɔ nu siwo nèsrɔ̃ la ŋu dɔ.
3. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be Subɔsubɔ Kpekpea naɖe vi na mí?
3 Subɔsubɔ Kpekpe: Anɔ bɔbɔe wu be míaɖo ŋku aɖaŋu siwo woɖona na mí le kpekpe sia me dzi ne míawo ŋutɔwo míexlẽ nyati siwo me woadzro la do ŋgɔ eye míedzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo ŋu. Ne míena míaƒe nyaŋuɖoɖowo le kpuie la, ana ame geɖe nate ŋu aɖo nya ŋu. Lé ŋku ɖe wɔwɔfiawo ŋu nyuie, eye nàtsɔ aɖaŋuɖoɖo ɖe sia ɖe si nèkpɔ be ana yeƒe subɔsubɔdɔa natse ku geɖe wu la de dɔwɔwɔ me. Dzra nyati aɖewo siwo dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me, siwo akpe ɖe ŋuwò la ɖo, be nàzã wo emegbe.
4. Nu ka tae wòle be míawɔ teokrasihehe si nam wole mí la ŋu dɔ nyuie?
4 Gbeƒãɖeɖe nya nyuia le anyigba katã dzi, si wode mía si la, nye dɔ sesẽ, abe ale si ko wònɔ le dɔ siwo wode Noa kple Mose si la gome ene. (Mat. 24:14) Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa, míaƒe Nufiala Gã la, ŋu, eye míewɔa hehe si wònaa mí la ŋu dɔ la, míakpɔ dzidzedze le dɔ sia wɔwɔ me.—Yes. 30:20.