Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Nov. 1
“Èsusu be ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu wowɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, woƒe srɔ̃ɖekadodoa me asẽ ɖe edzi wua? [Xlẽ Hiob 31:1. Eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati sia ƒo nu tso Biblia me gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe atsu kple asi ŋu woayi edzi atsɔ wo ɖokuiwo ana le woƒe srɔ̃ɖeɖea me la ŋu.” Ƒo nu tso nyati si dze egɔme tso axa 18 lia la ŋu nɛ kpuie.
Awake! Nov
“Ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be ƒumelãwo le vɔvɔm le atsiaƒu me wu gbɔgblɔ. Èsusu be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔ dzidzedzetɔea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Mateo 6:10.] Nyati sia dzro susu siwo tae wòle be míatsɔ ɖe le nya sia me la me, eye wòte gbe ɖe ale si Mawu ava kpɔ kuxi sia gbɔe la dzi.” Tsɔ nyati si dze le axa 20 lia la fiae.
Gbetakpɔxɔ Dec. 1
“Le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me la, ame geɖe ƒe susu le Yesu ŋu. Ŋusẽ kae nàgblɔ be Yesu ƒe agbenɔnɔ kpɔ ɖe dziwò? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia de dzi ƒo na mí be míadze Yesu ƒe kpɔɖeŋu yome. [Xlẽ 1 Petro 2:21.] Ne míewɔ esia la, ana míanɔ agbe si ɖɔ ʋu wu eye míakpɔ dzidzɔ wu. Magazine sia ɖe nu si tae la me.”
Awake! Dec.
“Amewo bua nyabiase sia ŋu ƒe alafa gbogbo aɖewoe nye esia. [Tɔ asi nyabiase si le akpaa dzi la dzi.] Afi kae nèsusu be míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔa le? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nu si tae míate ŋu akpɔ mɔ be Mawu ana ŋuɖoɖoa mí la ɖa. [Xlẽ Psalmo 100:3.] Magazine sia ɖe nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu la fia.”