Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Nov. 1
“Èsusu be xexea me anyo wu nenye be amewo ɖea ɖokuibɔbɔ fiana geɖe wua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Yesu gblɔ tso nɔnɔme sia ŋu ɖa. [Xlẽ Mateo 23:12.] Magazine sia ɖe asixɔxɔ si le ɖokuibɔbɔ tutuɖo le xexe sia si me amewo ʋlia ho kple wo nɔewo le me la ŋu fia.”
Awake! Nov.
“Tsã la, Biblia mee amewo dia mɔfiame le zi geɖe. Gake egbea la, ame geɖe gblɔna be yewomeka ɖe Biblia dzi o. Nu kae nèsusu tso nya sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Timoteo II, 3:16.] Nyɔ! ƒe tata tɔxɛ sia na kpeɖodzi sẽŋu siwo ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia la tso.”
Gbetakpɔxɔ Nov. 15
“Mí katã míedina be míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me. Elɔ̃ ɖe nya siwo Yesu gblɔ le afi sia ku ɖe nu vevi si nana wokpɔa dzidzɔ ŋu la dzia? [Xlẽ Mateo 5:3. Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia ɖe ale si míaƒe dzɔdzɔmedidi vevi si nye be míasubɔ Mawu la gbɔ kpɔkpɔ nana míekpɔa dzidzeme le agbe me la me.”
Awake! Nov.
“Le míaƒe ɣeyiɣi sia si me dzɔdzɔmeŋutinunya kple ɖikeke xɔ aƒe ɖo me la, ame geɖe susuna be Biblia me nyawo megasɔ o. Nu kae nye wò nukpɔsusu tso nya sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ènya be nya sia nya si Biblia gblɔ wòdo ƒome kple dzɔdzɔmeŋutinunya la le eteƒe pɛpɛpɛa? [Xlẽ Hiob 26:7.] Nyɔ! ƒe tata tɔxɛ sia gblɔ susu vevi siwo ta míate ŋu aka ɖe Biblia dzi la na mí.”