Ŋkeke Tɔxɛ Aɖe Hena Biblia Nusɔsrɔ̃ Dodo Ðe Amewo Gbɔ
1 Tso January dzi la, hame ɖe sia ɖe anɔ kwasiɖanuwuwu ɖeka tiam le ɣleti ɖe sia ɖe me, ɖewohĩ kwasiɖanuwuwu gbãtɔ, hena Biblia nusɔsrɔ̃ dodo ɖe amewo gbɔ koŋ. Esia ate ŋu anye Memleɖagbe alo Kwasiɖagbe, esi asɔ na miaƒe anyigbamamaa nyuie wu. Le ŋkeke ma dzi la, ne aƒemenɔla aɖe melɔ̃ be woawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye o la, gbeƒãɖelawo ate ŋu ana Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa alo míaƒe magazine yeyewo amea. Hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo katã nawɔ ɖoɖo akpɔ gome le dɔ sia me bliboe ahakpe ɖe gbeƒãɖelawo ŋu be woadze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme.
2 Hame Ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti la nakpɔe ɖa be kwasiɖanuwuwu ka mee yewoatia ŋkeke ɖeka le hena Biblia nusɔsrɔ̃ dodo ɖe amewo gbɔ mahã. Ele be woanɔ ŋku ɖom ɖoɖo sia dzi na gbeƒãɖelawo tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi ale be woate ŋu adzra ɖo ahadze agbagba etɔxɛe be woado Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ ne wole tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm alo ne wotrɔ yi ame siwo ɖe ɖetsɔleme fia do ŋgɔ la gbɔ.
3 Ale Si Míadzra Ðo Ðe Eŋu: Míate ŋu akpɔ ale si míadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme ŋuti ɖaŋuɖoɖowo le March 2006 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me kple Reasoning gbalẽa ƒe axa 12 lia (Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe axa 2 lia). Ame aɖewo atiae be yewoazã traktwo abe Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? ene. Míate ŋu akpɔ ale si míadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme ne míetrɔ yi ame siwo xɔ míaƒe magazineawo gbɔ la ŋuti ɖaŋuɖoɖowo le August 2007 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 3 lia hã. Woawɔ ɖoɖo be hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo nakpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi si woawɔ miniti 10 va se ɖe 15 la dzi. Le kpekpe sia me la, woadzro ale si míadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme la ŋuti ɖaŋuɖoɖo ɖeka alo eve siwo aɖe vi me alo awɔ woƒe wɔwɔfiawo.
4 Enye nyateƒe be menye ame sia amee alɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye alo be yeayi edzi asrɔ̃ Biblia hena ɣeyiɣi didi aɖe o. Ke hã, mele be esia nana míado kpo Biblia nusɔsrɔ̃ dodo ɖe amewo gbɔ o, elabena Yehowae hea ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ vaa eƒe habɔbɔa me. (Yoh. 6:44) Menye nyateƒea ƒe kuwo ƒaƒã koe míaƒe dɔa nye o, ebia hã be míalé be na nyateƒea ƒe ku siwo mie la ahade tsi wo, eye esia lɔ Biblia sɔsrɔ̃ kple dzi nyui tɔwo ɖe eme. Ne míele esia wɔm la, ke míele mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo la ŋu dɔ wɔm.—1 Kor. 3:9.