Mite Gbe Ðe Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Dzedze Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Ƒe Ðoɖoa Dzi
Tso May 2011 me la, wode dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woadze agbagba adze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme le ɣleti sia ɣleti ƒe Memleɖa gbãtɔ dzi. Wotrɔa asi le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míemana ƒe nyati si nye “Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo” ŋu etɔxɛe be wòakpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me. Eya ta ele be woate gbe ɖe ale si míazã nyati sia ɣleti sia ɣleti atsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme ƒe vevienyenye dzi le kpekpe hena gbeadziyiyi si woawɔ le Memleɖa gbãtɔ dzi la me ahawɔ eƒe wɔwɔfia hã.
Hamemetsitsiwo ate ŋu atiae be gbeadziƒuƒoƒo ɖe sia ɖe nakpe le eɖokui si le Memleɖa gbãtɔ dzi loo alo hame bliboa naƒo ƒu ɖekae, ɖewohĩ le Fiaɖuƒe Akpataa me. Ne hame geɖewoe zãa Fiaɖuƒe Akpataa la, mele be hame aɖeke nada ŋkeke tɔxɛ sia si míetsɔ dzea Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme la ɖe ŋkeke bubu dzi kple susu be hame bliboa nate ŋu aƒo ƒu ɖekae awɔ kpekpe hena gbeadziyiyi o.