Subɔsubɔ Kpekpea Dzraa Mí Ðo Hena Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ
1 Subɔsubɔ Kpekpea ƒe taɖodzinue nye be wòaʋã mí ahadzra mí ɖo ɖe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ŋu bliboe wu. (Tim. II, 3:17) Gake ne míedzra ɖo ɖe kpekpea ŋu nyuie o alo ne míetsɔ nusiwo míesrɔ̃na le eme wɔa dɔe o la, maɖe vi boo aɖeke na mí o.
2 Dzadzraɖo do ŋgɔ akpe ɖe ŋuwò be eƒe nufiamewo nayi dzi kple susu me na wò bliboe wu. To agbalẽ siwo woazã la me, eye tsɔ wo ɖe asi vɛ ale be nàte ŋu akpɔ wo dzi akplɔ nuƒola ɖo eye nàte ŋu akpɔ gome le numedzodzroa me. Ðo to nyuie, eye nàŋlɔ nya vevi siwo nàva zã emegbe la ɖi.
3 Dzikpɔla zimenɔla toa kpekpea me dɔdasiwo me nyuie. Emegbe edea wo asi na hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla bibiwo. (om p. 70) Hame siwo ƒe hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo mesɔ gbɔ o la ate ŋu ade dɔ asi na nɔviŋutsu bubu siwo dze bene woakpe ɖe wo ŋu. (km 2/77, Nyabiaɖaka) Ele be nuƒola ɖesiaɖe nadzra ɖo nyuie, wòawɔ ɖe mɔfiame siwo wona dzi tututu, eye wòakpɔ egbɔ be yemagbɔ game dzi o.
4 Zi geɖe la, gbeƒãɖeɖewoe wotsɔ dzea Subɔsubɔ Kpekpea gɔmee. Ele be nɔviŋutsu si wode dɔ sia asi na la nakpɔ dzikpɔla zimenɔla do ŋgɔ be wòanya nya siwo woaɖe gbeƒãe. Nya siawo ate ŋu anye lɛta siwo woxɔ tso Habɔbɔa gbɔ alo ŋkuɖoɖo gbeadziyiyiɖoɖowo dzi alo ɣleti sia ɣleti ƒe akɔntabubuwo. Ate ŋu anye be woagblɔ na mí be ame aɖewo dze dɔ eye wòle be míava srã wo kpɔ alo míase ɖoɖo siwo hamea wɔ ɖe dɔ siwo woava wɔ le etsɔ me ŋu. Ðo to nàse wo nyuie be nàwɔ wò akpa dzi le dɔ siawo wɔwɔ me.
5 Ne wobia be nyaselawo nakpɔ gome le dɔdasi aɖe me la, xlẽ nyatia to eme eye nàxlẽ ŋɔŋlɔ siwo le eme atsɔ adzra ɖo ɖe eŋui. Bu tame le alesi nèɖo be yeatsɔ aɖaŋuɖoɖoawo awɔ dɔe kple alesi nàɖo nya ŋui be wòade dzi ƒo na ame bubuwo ŋu. Àte ŋu agblɔ nuteƒekpɔkpɔ kpui aɖe atsɔ afia alesi aɖaŋuɖoɖoa wɔa dɔe.
6 Ne wɔwɔfia aɖe le eme la, dze agbagba nàkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme mawo tɔgbe me, eye bu nya si nenye wòe nàgblɔ la ŋu. Lé ŋku ɖe alesi woɖe nuwo mee kple nya vovovo siwo wotsɔ ɖo kpe nyawo dzii la ŋu. Dze agbagba nàɖo ŋku nya si nègblɔ esime nèdo go nɔnɔme ma tɔgbe la dzi, eye bu tame le alesi nusiwo ƒe wɔwɔfia wowɔ la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò dɔwɔwɔ naɖe kpe wu le etsɔ me ŋu.
7 Ele be woato wɔwɔfiawo kple gbebiamewo me nyuie do ŋgɔ. Mesɔ kura be woado le Fiaɖuƒe Akpata me ava nɔ wo me tom esime kpekpea le edzi yim o. Ƒã hafi wɔwɔfia alo gbebiame siwo me wometo nyuie o la aʋã nyaselawo alo ade dzi ƒo na wo. Ame aɖewo va dzroa woƒe dɔdasiwo me ne wokpã Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a vɔ megbe ale be nɔvi siwo kpɔa nuƒolanɔƒea kple nuƒomɔ̃wo ŋu dɔwo gbɔ la nanya nusiwo ahiã. Ewɔwɔ alea nyo.
8 Ɣeaɖewoɣi la, nuƒo aɖe si ku ɖe hamea ƒe nuhiahiãwo ŋu alo Gbetakpɔxɔ me nya aɖe si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi anɔ dɔdasiawo me. Ðo to nyuie, na aɖaŋuɖoɖo siwo le eme la naɖo wò dzi gbɔ, eye dze agbagba nàwɔ wo dzi.
9 Míedi be míanɔ ‘dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’ (Tim. II, 2:21) Subɔsubɔ Kpekpea nye ɖoɖo siwo Yehowa wɔ be yeatsɔ akpe ɖe mía ŋu le esia gome la dometɔ ɖeka. Kpekpea dede ɣesiaɣi kple agbagbadzedze vevie be míawɔ nusiwo míesrɔ̃na ŋudɔ akpe ɖe mía ŋu godoo be míate ŋu ‘awu míaƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe.’—Tim. II, 4:5.