Miwɔ Míaƒe Magazinewo Kple Agbalẽwo Ŋu Dɔ Nyuie
1. Alekee míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nunanawo ŋu me?
1 Esi Yesu na nuɖuɖu ameha gã aɖe nukutɔe vɔ megbe la, ena woƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu be wo dome nagagblẽ o. (Mat. 14:19-21) Ale si Yesu ƒo asa na Yehowa ƒe nunanawo dome gbegblẽ la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí be ‘míaɖee afia be míenye akpedalawo’ to nu siwo katã Yehowa naa mí to “aƒedzikpɔla nyateƒetɔ” la dzi la ŋu dɔ wɔwɔ nyuie me.—Kol. 3:15; Luka 12:42; Mat. 24:45-47.
2. Alekee míawɔ be magazineawo nagali kɔ ɖi ɖe mía gbɔ o?
2 Magazinewo: Magazinewo ate ŋu ava li kɔ ɖi ɖe mía gbɔ bɔbɔe. Ne magazine siwo míexɔna la tsia anyi zi geɖe la, ele be míaɖe agbɔsɔsɔme si míexɔna dzi kpɔtɔ. Ke magazine xoxowo ya ɖe? Magazine siawo me nyawo medoa xoxo o. Ne magazine xoxowo li kɔ ɖi ɖe mía gbɔ la, ɖewohĩ subɔsubɔdɔdzikpɔla alo hamemetsitsi bubu aɖe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ mɔ nyuitɔ siwo dzi míato ama wo.
3, 4. Nu vevi kawoe wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele agbalẽwo xɔm le Fiaɖuƒe Akpata me?
3 Agbalẽ Bubuwo: Ne míetrɔ ɖe agbalẽ bubu aɖe nana ŋu le ɣletia me la, gbã la, kpɔe ɖa be ɖewo le asiwò xoxo le aƒe me siwo nàtsɔ ayi gbeadzii hã, hafi nàɖaxɔ bubuwo le Fiaɖuƒe Akpataa me. Kpɔ egbɔ be agbɔsɔsɔme si nàhiã le kwasiɖaa me ko nàxɔ, eye ne èma emawo vɔ ko hafi nàyi aɖaxɔ bubuwo.
4 Le agbalẽ siwo wò ŋutɔ nàzã gome la, kpɔ egbɔ be nàdɔ xexlẽme si nu nèhiã ŋutɔŋutɔ ko. Ŋlɔ wò ŋkɔ ɖe teƒe si woɖo ɖi na esia. Esia akpe ɖe ŋuwò nàte ŋu ake ɖe wo ŋu bɔbɔe ne wobu. Ne èzãa Watchtower Library si le CD-ROM dzi eye nèdzraa magazine siwo wò ŋutɔ nèxlẽna ɖo la, ɖewohĩ àkpɔe be magahiã be nàdɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! bablawo o.
5. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele míaƒe agbalẽawo nam amewo, eye mɔ kawo nue míate ŋu aƒo nu tso lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖoa ŋu le?
5 Magazinewo Kple Agbalẽwo Nana: Míedzea agbagba be míatsɔ míaƒe agbalẽwo ana ame siwo ɖea ɖetsɔleme vavãtɔ fiana ko. Nenɔ susu me na mi be míawo ŋutɔwo ƒe agbanɔamedzie wònye be míakpɔ míaƒe agbalẽ siwo nye dɔwɔnu vevi siwo ŋu dɔ míewɔna le míaƒe subɔsubɔdɔa me la tata ŋuti gazazãwo gbɔ. Gake ne míele agbalẽawo nam ɖetsɔlemetɔwo la, anyo be míaɖo ŋku edzi ana woanya be mɔnukpɔkpɔ su wo si be woado alɔ xexea me katã ƒe dɔa to lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne èle agbalẽ nam ɖetsɔlemetɔ aɖe la, àte ŋu agblɔ be: “Ne èdi be yeaxlẽ agbalẽa la, adzɔ dzi na mí be míatsɔe ana wò. Togbɔ be míedzraa míaƒe agbalẽawo o hã la, ne èdi be yeawɔ nudzɔdzɔ atsɔ ado alɔ míaƒe xexea me katã ƒe dɔa la, adzɔ dzi na mí be míaxɔe.”
6. Nu ka tae míedea asixɔxɔ geɖe míaƒe agbalẽwo ŋu, eye alekee esia aʋã mí be míawɔ woe?
6 Yesu na ŋutilãmenuɖuɖu amewo nukutɔe, gake zi geɖe la, enyi wo le gbɔgbɔ me. Yesu gblɔ be: “Mele be ame nanɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me ŋu.” (Mat. 4:4) Míaƒe agbalẽwo fiaa Biblia me nyateƒe siwo hiã hena agbe mavɔ kpɔkpɔ amewo. (Yoh. 17:3) Asixɔxɔ le wo ŋu ale gbegbe be mele be míagblẽ wo dome o!