INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/09 axa 8
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 6/09 axa 8

Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ June 1

“Ame geɖe xɔe se be subɔsubɔha siwo katã le xexea me nye mɔ vovovo siwo kplɔa ame yia Mawu ɖeka ko gbɔ. Aleke nèsusu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Biblia gblɔ ɖa. [Xlẽ Yosua 24:15.] Nyati sia gblɔ susu siwo ta wòle be míawo ŋutɔwo míadi be míaku nu me akpɔe ɖa be subɔsubɔha si me míele la le míakplɔm yi Mawu vavã la gbɔ hã.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 12 lia fiae.

Awake! June

“Mí katã míenya ame aɖewo siwo ku. Èsusu be ahiã be míavɔ̃ be wo dometɔ aɖewo ado dziku ɖe mía ŋu ahadi be yewoawɔ nuvevi mía? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Nyagblɔla 9:5, 6.] Nyati sia xexlẽ ana wò dzi nadze eme.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 22 lia fiae.

Gbetakpɔxɔ July 1

“Biblia le ame geɖe si, gake wokpɔe be egɔmesese sesẽ na yewo. Ðe wò hã èse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Psalmo 119:130.] Le mawunyakpukpui sia ƒe nya nu la, Mawu si na woŋlɔ Biblia la di be míase egɔme eye yeƒe Nya la naɖe vi na mí. Magazine sia na aɖaŋuɖoɖo etɔ̃ siwo akpe ɖe mía ŋu míase Biblia gɔme.”

Awake! July

“Blanuiléledɔ le fu ɖem na ame geɖe egbea. Èsusu be Mawu tsɔ ɖe le eme na ame siwo seselelãme ƒe nuteɖeamedziwo ɖea fu na la ŋutɔŋutɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Psalmo 34:19.] Magazine sia ɖe ale si ame siwo le blanuiléledɔ lém la ate ŋu axɔ kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ, ne wohiã ɖɔktawo ƒe kpekpeɖeŋu gɔ̃ hã, la me. Ena aɖaŋuɖoɖo aɖewo hã tso nya siwo míate ŋu agblɔ atsɔ ade dzi ƒo na ame siawo tɔgbi la ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe