Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ July 1
“Zi geɖe la, míenyana nya si tututu míagblɔ na mía xɔlɔ̃ aɖe si ƒe lãme gblẽ vevie alo le dɔlémafɔe aɖe lém la o. Se aɖaŋuɖoɖo sia ɖa. [Xlẽ Yakobo 1:19.] Aleke nèkpɔ tso aɖaŋuɖoɖo sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo siwo ŋu dɔ míate ŋu awɔ, siwo wotu ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi la le nyati sia me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 10 lia la fiae.
Awake! July
“Le egbeŋkekeawo me la, wole nyɔnuwo ɖom nunɔlawo alo subɔsubɔhaŋgɔnɔlawoe. Alekee nèkpɔ tso nya sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Biblia gblɔ tso nyɔnuwo ŋu ɖa. [Xlẽ 1 Korintotɔwo 14:34.] Ke hã, mawunyakpukpui bubu aɖe gblɔ be wɔƒe aɖe si ŋu bubu le la li na nyɔnuwo le hamea me. Nyati sia ɖe nya sia me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 28 lia la fiae.
Gbetakpɔxɔ August 1
“Ame geɖe vɔ̃na be nukliaʋa alo yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ ana anyigba natsrɔ̃. Èsusu be nu sia ate ŋu adzɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu ɖa. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 11:18.] Magazine sia ɖo biabia ene aɖewo, siwo amewo lɔ̃a biabia ku ɖe xexea ƒe nuwuwu ŋu la ŋu.”
Awake! August
“Anɔ eme be Yehowa Ðasefowo ɖo dze kpli wò kpɔ. Èbu nu si tae míegayia amewo gbɔ tso aƒe me yi aƒe me kokoko, togbɔ be ame akpa gãtɔ medina be yewoaɖo to mí o hã, ŋu kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Mateo 24:14.] Míede dzesii be ame geɖe menya mí nyuie o. Magazine sia ɖe ame siwo ƒomevi Yehowa Ðasefowo nye la me.”