INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/13 axa 2
  • Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒe 2010 Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • ‘Nuɖuɖu Le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 8/13 axa 2

Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu

1. Nu kae nye ƒe 2014 subɔsubɔƒea ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa ƒe tanya?

1 Ŋusẽ le Biblia ŋu be wòatrɔ míaƒe agbenɔnɔ ahana míaƒe tamesusuwo kple nuwɔnawo nawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Naneke meli amegbetɔ madeblibowo wɔ si ŋu ŋusẽ sia gbegbe le o. Ŋusẽ ka gbegbee le Mawu ƒe Nya la ŋu? Aleke míate ŋu awɔ eƒe ŋusẽa ŋu dɔ bliboe le míaƒe agbe me? Aleke míate ŋu azãe nyuie wu atsɔ akpe ɖe amewo ŋu? Míeka ɖe edzi be nya siawo ƒe ŋuɖoɖowo kpɔkpɔ le ƒe 2014 subɔsubɔƒea ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa me ado ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me. Takpekpea ƒe tanyae nye, “Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu,” si woɖe tso Hebritɔwo 4:12.

2. Nyabiase kawo ƒe ŋuɖoɖowoe wòle be míade dzesii?

2 Di Nyabiase Siawo Ƒe Ŋuɖoɖowo: Ne èle to ɖom nuƒoawo la, dze agbagba nàde dzesi nyabiase siwo gbɔna ƒe ŋuɖoɖowo.

• Nu ka tae wòle be míaka ɖe Yehowa ƒe Nya dzi? (Ps. 29:4)

• Aleke míawɔ be ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa ŋu naɖe vi na mí bliboe? (Ps. 34:9)

• Aleke nàte ŋu azã ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya la ŋu le wò subɔsubɔdɔa me? (2 Tim. 3:16, 17)

• Nu kae míawɔ be Satana ƒe xexea ƒe amebleŋusẽ nagaɖu mía dzi o? (1 Yoh. 5:19)

• Nu kae mi sɔhɛwo miawɔ be miakpɔ dzidzedze le mawusubɔsubɔ me? (Yer. 17:7)

• Aleke míawɔ be ŋusẽ nagaɖo mía ŋu ne míegbɔdzɔ gɔ̃ hã? (2 Kor. 12:10)

• Nu vevi kae akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ tɔtrɔ wɔm eye míaɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ siwo zu numame na mí alo ƒo ke ɖe to ɖe mía me la gɔ̃ hã ŋu? (Ef. 4:23)

3. Hekpe ɖe toɖoɖo nyuie ŋu la, nu bubu kawo hãe míate ŋu awɔ be ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa naɖe vi na mí?

3 Aleke gbegbe nya vevi siawo sese aɖe vi na míe nye esi! Hekpe ɖe eŋu la, ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa ana mɔnukpɔkpɔ mí be míakeke mía ɖokui eye míade ha kple mía nɔvi siwo tso hame bubuwo me, abe ale si ko wònɔna le nutome sue kple nutome gã takpekpewo me ene. (Ps. 133:1-3; 2 Kor. 6:11-13) Eya ta ɖo takpekpewɔƒea kaba be nàte ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe ade ha kple xɔlɔ̃ xoxowo eye nàdze xɔlɔ̃ yeyewo. Ne nuƒola si woɖo ɖa, abe nutome gã dzikpɔla alo nɔviŋutsu si tso Betel ene, va miaƒe takpekpea la, ɖe manyo be nàte ɖe eya kple srɔ̃a ŋu ado dzaa na wo oa? Ɛ̃, susu geɖewo li siwo ta wòle be míanɔ mɔ kpɔm vevie na ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si gbɔna ɖo!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe