INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/09 axa 8
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 8/09 axa 8

Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ August 1

“Ame geɖe susuna be ame nyuiwo katã ayi dziƒo. Wò hã èxɔe se nenema? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si mawunyakpukpui sia gblɔ tso anyigbaa ŋu ɖa. [Xlẽ Psalmo 37:11, 29.] Nyati sia ɖe nu si Yesu fia tso ale si ameƒomea ƒe etsɔme ava nɔ le anyigba sia dzi ŋu la fia.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 22 lia fiae.

Awake! August

“Nu ʋɛ aɖewo koe te ŋu doa nuxaxa na ame wu ame dzila ƒe ku. Wò hã èkpɔe nenema? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖewo kpɔ akɔfafa tso mawunyakpukpuiwo abe esia ene me. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:4.] Nyati sia ɖe ale si woawɔ ate ŋu anɔ te ɖe nuxaxa ƒe seselelãme siwo nu sẽna ŋutɔ la nu, vevietɔ le ɖeviwo gome.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 10 lia la fiae.

Gbetakpɔxɔ September 1

“Ame aɖewo gblɔna be ne èwɔa nuteƒe na Mawu la, ayra wò kple kesinɔnu geɖe gake ahedada ya nye dzesi be Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu o. Nu kae nye wò susu le nya sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Enyo be míade dzesii be esi Yesu nɔ anyigba dzi la, kesinɔnuwo menɔ esi o. [Xlẽ Luka 9:58.] Magazine sia dzro yayra siwo ƒomevi wòle be Mawu subɔlawo nakpɔ mɔ na la me.”

Awake! September

“Èsusu be kuxi geɖe ɖea fu na sɔhɛwo fifia wu ale si wònɔ ƒe aɖewoe nye esia va yia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖe se le wo ɖokui me be mawunyakpukpui sia ɖɔ ale si tututu nɔnɔmeawo le le míaƒe ɣeyiɣi siawo me. [Xlẽ 2 Timoteo 3:1.] Magazine sia ƒo nu tso Biblia me gɔmeɖose aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe dzilawo kple wo vi sɔhɛwo ŋu be woanɔ te ɖe nɔnɔmeawo nu dzidzedzetɔe la ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe