Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ July 1
“Èsusu be dzidzeme ŋutɔŋutɔ ate ŋu asu mía si le xexe sia si me xaxawo bɔ ɖo mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nu si Biblia gblɔ le Filipitɔwo 4:6, 7 ɖa. [Xlẽe.] Nyati sia ɖe ale si míawɔ be ŋutifafa si Mawu nana la nasu mía si la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 10 lia fiae.
Awake! July
“Mía dometɔ akpa gãtɔ daa akpe ɖe nu siwo mía dzilawo fia mí la ta. Èsusu be amemabumabu nuwɔnae wònye be míawɔ numekuku tso subɔsubɔdzixɔse siwo wofia mí le ɖevime la ŋua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ 1 Yohanes 4:1.] Nyati sia ɖe nu me nenye be egblẽ be míaɖo subɔsubɔha bubu me loo alo megblẽ o.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 28 lia fiae.
“Ame aɖewo gblɔna be subɔsubɔhawo katã nye mɔ vovovo siwo kplɔa ame yia Mawu ɖeka ko gbɔ. Èsusu be subɔsubɔhawo katã nyoa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Mateo 7:13, 14.] Magazine sia he susu yi nu etɔ̃ aɖewo koŋ siwo Biblia gblɔ be ele be subɔsubɔha nyuitɔa nado ɖe ŋgɔ la dzi.”
Awake! August
“Wowɔ ameŋkumekpɔkpɔ nuwɔnawo ɖe mí katã ŋu kpɔ. Aleke nèsusu be Mawu sena le eɖokui me ku ɖe vovototodede amewo me ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.] Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le vovototodedeameme ƒe nu siwo wowɔna ɖe mía ŋu la me. Biblia agate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míawo ŋutɔwo hã míatsri vovototodede amewo me. Magazine sia ɖe nya sia me.”