Taflatse Miyi Kaba
Amekawo gbɔe míayi kaba? Amesiwo bia agbalẽ alo bia be yewoanɔ magazinewo xɔm edziedzi alo amesiwo di be Ðasefo aɖe nanɔ yewogbɔ vam le yewoƒe aƒewo mee. Afikae biabia siawo tsona? Wotsoa amesiwo ŋlɔa lɛta alo ƒoa ka na alɔdzedɔwɔƒea alo ɖoa woƒe biabiawo ɖa toa Habɔbɔa ƒe Internet adrɛs dzi gbɔ. Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme ma tɔgbe fia la, alɔdzedɔwɔƒea naa nyanya hame si te ɖe amea ŋu to agbalẽvi si nye S-70, “Please Arrange for a Qualified Publisher to Call on This Person” (Taflatse Miwɔ Ðoɖo ne Gbeƒãɖela Bibi aɖe Nayi Amesia Gbɔ) dzi. Ne hamemegãwo xɔ S-70 ƒe agbalẽvi aɖe la, ele be woatsɔe na gbeƒãɖela aɖe kaba be wòado vevie nu ayi ava kpe ɖe ɖetsɔlemetɔa ŋu. Ne wòdzɔ be gbeƒãɖelaa mele kekem ɖe amea ŋu le aƒeme o la, ke gbeƒãɖelaa ate ŋu aƒo ka nɛ alo atsɔ ŋuɖɔɖɔɖo aŋlɔ nya kpui aɖe ɖe pepa dzi ada ɖe teƒe si amea ŋutɔ ate ŋu akpɔe. Ne wobia tso asiwò be nàwɔ sasrãkpɔ sia la, taflatse dze agbagba ɖesiaɖe nàyi ɖetsɔlemetɔ sia gbɔ kaba.