INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/09 axa 4
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 10/09 axa 4

Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ October

“Ame geɖe megaxɔ edzi se egbea be Wɔla aɖe li o. Èsusu be nu ka tae wòle nenema? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Mawunyakpukpui siawo he susu yi nu siwo tae la dometɔ ɖeka dzi. [Xlẽ Xabakuk 1:2, 3.] Nyati sia ɖo biabia geɖe siwo le amewo si ku ɖe Mawu ŋu, si wɔe be womegaxɔ edzi se o, la ŋu.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 11 la fiae.

Awake! October

“Ðe nède dzesii be ƒomewo le kuxi geɖe me tom egbea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖe menya be aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ɖea vi ŋutɔ la le Biblia me o. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye esi. [Xlẽ ŋɔŋlɔ siwo le magazinea me la dometɔ ɖeka.] Nyɔ! ƒe tata tɔxɛ sia ƒo nu tso ale si Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe ƒomewo ŋu woanɔ te ɖe kuxi vovovowo nu dzidzedzetɔe la ŋu.”

Gbetakpɔxɔ November

“Èsusu be Biblia mee nu sia nu si wofiana le sɔlemehawo me la tsoa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia xlɔ̃ nu mí be míakpɔ nyuie be woagatsɔ alakpanyawo aflu mí o. [Xlẽ Kolosetɔwo 2:8.] Magazine sia klo nu le sɔlemehawo ƒe nufiafia ade aɖewo siwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya la o dzi.”

Awake! November

“Mɔɖaŋunuwo, abe asitelefon kple kɔmpiuta ene, zazã va bɔ egbea ŋutɔ. Èsusu be mɔɖaŋunuwo zazã nana ɣeyiɣi geɖe sua ame si loo, alo be wogblẽa ɣeyiɣi na amea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖe alɔ̃ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia si ku ɖe ɣeyiɣi zazã le nunya me ŋu la dzi. [Xlẽ Efesotɔwo 5:15, 16.] Magazine sia na numekɔkɔ tso ale si míaɖɔ ŋu ɖo ahada asɔ le mɔɖaŋunuwo zazã me la ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe