Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ May 1
“Se Yesu ƒe nya siawo ɖa. [Xlẽ Mateo 7:12.] Ne ɖe ame sia ame wɔna ɖe nya siawo dzi ɖe, aleke nèsusu be xexea me anɔ? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati sia dzro nu siwo Yesu fia la dometɔ aɖewo me, eye wògblɔ nu si wòfia be ame nanye Kristotɔ hã.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 16 fiae.
Awake! May
“Èsusu be ganyawo ava ka ɖe eme kpuiea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖe menya be Biblia ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu le gakuxiwo me o. [Xlẽ mawunyakpukpui siwo le nyatia me dometɔ ɖeka.] Nyati sia gblɔ ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne ganyawo le sesẽm na mí.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 18 fiae.
Gbetakpɔxɔ June 1
“Sɔlemeha geɖe megaƒoa nu tso nu vɔ̃ ŋu egbea abe tsã ene o. Èsusu be nu vɔ̃ ƒe nya ti to me na amea, alo èkpɔe be ehiã be míatsi dzi ɖe eŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Romatɔwo 5:12.] Agbalẽ sia ɖe nu si Biblia gblɔ tso nu vɔ̃ ŋu la me.”
Awake! June
“Edze abe ame geɖe va tsi dzimaɖi le agbea me fifia wu ene. Wò hã èkpɔe nenema? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nya aɖe le mawunyakpukpui sia me, eye ame geɖe susui be eɖe nu si tae amewo tsi dzimaɖi alea la me. [Xlẽ 2 Timoteo 3:1.] Agbalẽ sia gblɔ ale si mí katã míetsia dzimaɖii le agbe me. Egblɔ ale si míawɔ anɔ te ɖe enui hã.”