Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ March 1
“Meɖe kuku, maxlẽ mawunyakpukpui aɖe na wò.” Xlẽ 2 Mose 20:15. Azɔ gblɔ be: “Ame geɖe dzea agbagba be yewoawɔ ɖe se sia dzi, gake ame aɖewo hã gblɔna be ne nɔnɔmeawo sesẽa, esɔ be ame nafi fi alo ada alakpa. Nu kae nye wò susu le nya sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati sia gblɔ viɖe siwo míakpɔ ne míeɖia anukware ɣesiaɣi.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 12 fiae.
Awake! March
“Ame geɖe dea bubu Biblia ŋu, gake wosusuna be emenya geɖe megasɔ na mí egbea o. Nenemae wò hã nèsusuna? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Romatɔwo 15:4.] Nyati sia ɖe nu si tae Biblia ƒe akpa siwo woŋlɔ gbã la kura gɔ̃ hã gaɖea vi egbea kokoko la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 28 fiae.
Gbetakpɔxɔ April 1
“Ne wobia amewo be ame ka ƒe nuwɔnae kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi le xexea me wu hã la, Yesue ame geɖe yɔna. Wò hã èkpɔe be eyaea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nu si tae wòle be míadzro nya vovovo siwo amewo gblɔna tso Yesu ŋu me, ale be míanya esi tututu nye nyateƒeae ɖa. [Xlẽ Yohanes 17:3.] Gbetakpɔxɔ ƒe tata tɔxɛ sia na míenya nu si tututu Biblia gblɔ le Yesu ŋu; ena míenya nu siwo wòfia hã.”
Awake! April
“Ðeko wòdze abe ɣeyiɣi megale mía sum míawɔ nu siwo katã míedi o ene. Mèkpɔe nenema oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Aɖaŋuɖoɖo aɖe le afi sia, si ɖe vi na ame geɖe. [Xlẽ Filipitɔwo 1:10.] Agbalẽ sia ɖo aɖaŋu nyui aɖewo, eye woate ŋu akpe ɖe mía ŋu míazã míaƒe ɣeyiɣiwo nyuie.”