Èfiaa Ale Si Míesrɔ̃a Nu Kple Amewoe La Aƒemenɔlaa Ne Èyi Egbɔ Zi Gbãtɔa?
Ne míedoe ɖe aƒemenɔlawo gbɔ be míasrɔ̃ Biblia kpli wo la, wo dometɔ aɖewo gblɔna be yewomedii o, alo be yewo hã yewosrɔ̃a Biblia le sɔleme. Esi womenya be ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewoe la to vovo na ale si subɔsubɔha bubuwo wɔnɛ o ta la, womenya be Biblia sɔsrɔ̃ avivi yewo nu ahana nuwo me nakɔ na yewo o. Eya ta le esi teƒe be nàgblɔ na aƒemenɔlaa ko be yeava srɔ̃ Biblia kplii la, ɖe manyo be nàzã miniti ʋɛ aɖe ko atsɔ afiae ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewoe ne èyi egbɔ zi gbãtɔ oa? Ele ko abe ale si nànye nuɖala ene: Le esi teƒe be nàgblɔ na amewo ko be yenya ale si woɖaa nui ahado ŋugbe be yeatsɔ nuɖuɖu avae na wo la, ɖe manyo be nàna ameawo naɖɔ ale si wò nuɖuɖu vivinae la kpɔ enumake oa? Àte ŋu azã Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, March 2006 tɔ, ƒe axa 6 lia atsɔ awɔ esiae le miniti ʋɛ aɖewo ko me ale:
“Èsusu be nya siawo ava eme gbe ɖekaa? [Xlẽ Yesaya 33:24, eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu.] Na matsɔ nu nyui aɖe afia wò le nya sia ŋu.” Tsɔ Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ɖeka na aƒemenɔlaa, eye nàtsɔ axa 36 lia ƒe memama 22 lia afiae. Xlẽ nyabiase si dze le axa ma te, eye nàbia tso esi be wòade dzesi afi si ŋuɖoɖoa dze le ne yele memamaa xlẽm. Emegbe gbugbɔ bia nyabiasea, eye nàɖo to ahase ale si wòaɖo eŋui. Migaxlẽ mawunyakpukpui ɖeka. Bia nya aɖe, si ŋu nàva ɖo nɛ ne ètrɔ yi, eye wɔ ɖoɖo nàtrɔ ayi egbɔ. Èdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii vɔe nye ma!