Dzɔ Wò Tamesusu Ŋu
1. Nu kae nye nutome sue takpekpe si míawɔ le ƒe 2013 subɔsubɔƒea me ƒe tanya, eye takpekpea ƒe taɖodzinue nye eka?
1 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woalɔ̃ Yehowa kple woƒe dzi, luʋɔ, kple tamesusu blibo. (Mat. 22:37, 38) Wotrɔ asi le ƒe sia me ƒe takpekpe gãwo kple suewo ŋu be woado ŋusẽ míaƒe amenyenye ememetɔ. Àɖo ŋku edzi be nutome gã takpekpea ƒe tanyae nye “Dzɔ Wò Dzi Ŋu!” Ƒe 2013 subɔsubɔƒea ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa ƒe tanyae nye “Kpɔ Wò Dzitsinya Ta.” Eye nutome sue takpekpe siwo adze egɔme tso ƒe si gbɔna ƒe gɔmedzedze la ƒe tanya anye “Dzɔ Wò Tamesusu Ŋu,” si wotu ɖe Mateo 22:37 dzi. Wotrɔ asi le ɖoɖowɔɖi sia ŋu be wòakpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu wòadzro eya ŋutɔ ƒe tamesusuwo me kpɔ, ale be wòana woadze Yehowa ŋu geɖe wu.
2. Nyabiase kawo ƒe ŋuɖoɖowoe wòle be míadi le takpekpea ƒe nuƒowo me?
2 Nyabiase Siwo Ŋu Woaku Ðo: Ne míele to ɖom nuƒoawo le nutome sue takpekpea me la, ele be míadi nyabiase siwo gbɔna, siwo nye takpekpea ƒe nyati veviwo la, ƒe ŋuɖoɖowo:
• Nu kae míawɔ be míaƒo asa na amegbetɔwo ƒe tamebubuwo?
• Nu kae míawɔ atsɔ akpe asi ɖe nutsyɔnu si tsyɔ dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusuwo dzi la ɖeɖe ɖa ŋu?
• Tamesusu ƒe nɔnɔme kae míedi be wòanɔ mía si?
• Viɖe kawoe dona tso ŋugbledede si sɔ me?
• Aleke míawɔ aɖe mɔ be Yehowa namla míaƒe tamesusu?
• Nu kae srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo, kple ɖeviwo awɔ be dzidzɔ nanɔ ƒomea me?
• Aleke míaɖee afia be míele dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkekea?
• Nu kae wòfia be míadzra míaƒe susu ɖo ɖe dɔwɔwɔ ŋu?
• Viɖe kae ame siwo tsɔa nu siwo wosrɔ̃na wɔa dɔe kpɔna?
3. Nu ka tae wòle vevie be míade takpekpea ƒe ŋkeke eveawo katã, aɖo to nyuie ahawɔ ɖe nu siwo míesrɔ̃ la dzi?
3 Satana ho aʋa ɖe míaƒe tamesusuwo ŋu eye wòle didim be yeagblẽ wo. (2 Kor. 11:3) Eya ta ele be vevie be míadzɔ míaƒe tamesusuwo ŋu ahakpɔ egbɔ be wodze Yehowa ŋu. Ele be míayi edzi aɖe Kristo ƒe tamesusu afia eye míawɔ aʋa atsi tre ɖe xexe mawɔsedzi sia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ŋu. (1 Kor. 2:16) Eya ta wɔ ɖoɖo nàde nutome sue takpekpe sia ƒe ŋkeke eveawo katã. Ðo to nyuie. Wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo vevi siwo woana mí dzi akpe ɖe mía ŋu míadzra míaƒe susuwo ɖo hena Fiaɖuƒea ƒe dɔwo wɔwɔ dzonɔamemetɔe.—1 Pet. 1:13.