INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/10 axa 7
  • Èzã Nya Siwo Nɔa Megbekpaa Dzi La Kpɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èzã Nya Siwo Nɔa Megbekpaa Dzi La Kpɔa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Nàdzra Ðo ɖe Magazine Nana Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Na Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Wò Ŋutɔ Dzra Wò Magazinenana Ƒe Dzeɖonya Ðo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 8/10 axa 7

Èzã Nya Siwo Nɔa Megbekpaa Dzi La Kpɔa?

Ne amewo tsɔ magazine aɖe la, zi geɖe la, woléa ŋku ɖe ŋgɔgbekpaa dzi gbã, eyome wotrɔnɛ hedaa ŋku ɖe megbekpaa dzi. Nyabiase kple nya vovovo siwo nyɔa ɖetsɔleme la nɔa Gbetakpɔxɔ si míenana la ƒe megbekpaa dzi, eye woŋlɔa axa si woakpɔ wo ŋuti nyatakakawo le la ɖe wo xa.

Nyatakaka siwo le megbekpaa dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ susu nyui siwo dzi míatu nyabiasewo ɖo atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme. Ne míewɔa dɔ le míaƒe anyigbamamaa me edziedzi la, míate ŋu anɔ asi trɔm le míaƒe dzeɖonyawo ŋu to nyabiase vovovowo ŋu dɔ wɔwɔ le ɣletia me dzi. Ne vovo mele aƒemenɔla aɖe ŋu o la, míate ŋu ana dzeɖonyaa nanɔ kpuie ne míehe eƒe susu yi nyabiase siwo le megbekpaa dzi la dometɔ ɖeka dzi hegblɔ be, “Ne àdi be yeanya ŋuɖoɖoa la, mate ŋu agblẽ magazine siawo ɖe gbɔwò, eye míate ŋu aɖo dze geɖe ɣebubuɣi si vovo anɔ ŋuwò.” Ðewohĩ nu si gbeƒãɖela aɖewo adi be yewoawɔ atsɔ adze dzeɖoɖowo gɔme enye be, yewoatsɔ megbekpaa afia aƒemenɔlaa ahabia tso esi be wòatia nyabiase si wòadi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na. Eyome woafiae afi si ŋuɖoɖoa le le magazinea me eye woaxlẽ mawunyakpukpui aɖe si wotia do ŋgɔ la nɛ. Ðewohĩ wò hã àte ŋu ade ŋugble le mɔ bubu siwo dzi nàte ŋu ato azã megbekpaa atsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe Gbetakpɔxɔa ŋu la ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe