Wò Ŋutɔ Dzra Wò Magazinenana Ƒe Dzeɖonya Ðo
1 Míekpɔa Ŋudzedze Ðe Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! Magazine Siwo Me Nyatiwo Sɔna Ðe Ɣeyiɣi Dzi Eye Woƒoa Nu Tso Nusianu Ŋu, Tso Nyati Vevi Siwo Ku Ðe Xexeame Ŋu Dzi Vaseɖe “Mawu Ƒe Nu Gogloawo” Dzi, La Ŋu. (Kor. I, 2:10) Mí Katã Míeɖoa Ŋku Nu Yeye Kple Nya Tuameɖo Geɖe Siwo Míexlẽ Le Agbalẽ Siawo Siwo Zãm Yehowa Le Tsɔ Le Nyateƒea Ðem fia Vivivi La Dzi. (Lod. 4:18) Míedi Vevie Be Míamã Wo Alesi Míate Ŋui To Nudɔdɔwo Xɔxɔ Me.
2 Lé Ŋku Ðe Wò Anyigbamamã Ŋu: Amekawo tɔgbee le miaƒe nutoa me? Ne wonɔa kplakplakpla dzi ɣesiaɣi la, ke ɖewohĩ ahiã be nàdzra dzeɖonya kpui si le tẽ ɖo. Ne wò anyigbamamã nye esi me amewo menɔa kplakplakpla dzi boo o la, ke àte ŋu agblɔ nya geɖe. Ne aƒemenɔla akpa gãtɔ wɔa dɔ le ŋkeke me la, ke àte ŋu akpɔ dzidzedze geɖe wu ne èyi wo gbɔ le ɣetrɔ alo fiẽ me. Àte ŋu ake ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu le ŋkeke me le ablɔdziɖaseɖiɖidɔa me alo ne èle dɔ wɔm tso fiase me yi fiase me. Nu nyui geɖe do tso eme na gbeƒãɖela aɖewo esi wote ɖe amewo ŋu le ʋutɔɖoƒewo kple modzakaɖebɔwo me le vome.
3 Nya Nusiwo Le Magazineawo Me: Xlẽ tata ɖesiaɖe ne ènya xɔe ko. Tia nyati siwo nèkpɔ be adzɔ dzi na amewo le wò anyigbamamã me. Nya kawo ŋue wotsia dzi ɖo? Di nya vevi aɖe si ŋu nàte ŋu aƒo nu tsoe le nyati si nèɖo be yeazã me. Bu nya si nàte ŋu abia atsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔlemee ŋu. Di mawunyakpukpui aɖe si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi nàxlẽ na aƒemenɔla la ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò. De ŋugble le nya si nàgblɔ atsɔ aƒo nu tso nudɔdɔ ƒe ɖoɖoa ŋu kple alesi nàdzra megbea ɖo ɖe tɔtrɔyi ŋu la ŋuti.
4 Dzra Wò Ŋgɔdonyawo Ðo: Tia nya siwo nèɖo be yeagblɔ atsɔ aɖe ɖokuiwò nu ahadze dzeɖoɖo gɔme nyuie. Ame aɖewo zã ŋgɔdonya sia wòdze edzi: “Mexlẽ nya vivi aɖe le magazine sia me, eye medi be wò hã nàxlẽe.” Ame geɖe biaa nya aɖe gbã si kuna ɖe dzeɖonya si woɖo be yewoazã ŋu. Le kpɔɖeŋu me:
5 Ne èle nu ƒom tso nyati aɖe si ku ɖe nuvlowɔwɔ ƒe bɔbɔ ŋu la, àte ŋu abia be:
◼ “Nukae woawɔ hafi míate ŋu amlɔ anyi le zã me eye míavɔ̃ be woafi mí alo awɔ nuvevi mí o?” Ðe eme be nane si akpɔ kuxi sia gbɔ ŋu nya aɖe li yeagblɔ nɛ. Egbɔkpɔnua aɖe hadometɔtɔ bubu ɖesiaɖe hã ɖa kpuie. He susu yi magazine la me nya aɖe si gblɔ mɔkpɔkpɔ sia la dzi. Gblɔ nudɔdɔxɔxɔ ƒe ɖoɖoa nɛ. Ne ètrɔ yi la, àte ŋu ahe aƒemenɔla la ƒe susu ayi Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 1 dzi.
6 Ne èle ƒomegbenɔnɔ ŋuti nyati aɖe nam la, àte ŋu agblɔ nya sia:
◼ “Vihehe le ŋkeke siawo me le sesẽm na dzila akpa gãtɔ ŋutɔ. Wota agbalẽ geɖe le nya sia ŋu, gake eŋutinunyalawo gɔ̃ hã ƒe gbe mesɔ o. Ðe ame aɖe li si ate ŋu ana mɔfiafia si ŋu kakaɖedzi lea?” Gblɔ nya vevi aɖe nɛ tso magazinea me si ƒo nu tso aɖaŋuɖoɖo nyui si le Biblia me ŋu. Gblɔ na aƒemenɔla la be wòawɔ nudɔdɔa. Ne ètrɔ yi la, midzro vihehe ŋuti mɔfiame siwo tso Ŋɔŋlɔawo me siwo dze le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 145-8 la me.
7 Ne èle nu ƒom tso nyati si ku ɖe hadomekuxi aɖe ŋu la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Ɣeyiɣi sesẽ siwo me míele na ame geɖe tsi fuxefuxe. Èsusu be aleae Mawu ɖoe be míanɔ agbeea?” Fia asi nyati aɖe si gblɔ alesi míanɔ te ɖe kuxi siwo li egbea nu alo esi gblɔ susu siwo ta míakpɔ mɔ na etsɔme aɖe si me dzimaɖitsitsi manɔ o lae. Ƒo nu tso nudɔdɔa ŋu nɛ nàtsɔ aƒo etae. Ne ègatrɔ yi la, ƒo nu tso nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔ si le eŋu le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 4-5 ŋu, eye nàdze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme tẽ.
8 Trɔ Ðe Nɔnɔme si me Aƒemenɔlaa Le Ŋu: Àdo go amesiwo ƒe nudidiwo kple nuteƒekpɔkpɔwo to vovo. Dzra dzeɖonya aɖe koŋ ɖo si ŋu nàte ŋu atrɔ asi le na aƒemenɔla ɖesiaɖe. Alesi nàtrɔ asi le nya siwo nàgblɔ ŋu na ŋutsu, nyɔnu, ame tsitsi, alo sɔhɛ la nenɔ susu me na wò. Nya tɔxɛ aɖeke meli si wòle be nàzã kokoko o. Gblɔ nya sia nya si sɔ na wò si aɖe vi. Gake dzo nenɔ mewò, ƒo nu tso dzime, eye nàɖo to nyuie. Amesiwo ƒe ‘nɔnɔme sɔ’ la akpɔ wò anukwareɖiɖi eye woaxɔ nya la nyuie.—Dɔw. 13:48.
9 Mikpe Ðe Mia Nɔewo Ŋu: Susu léle kpɔ kple mía nɔewo wɔnɛ be míesrɔ̃a nuƒoƒomɔnu yeyewo. Míaƒe dzeɖonyawo me toto ɖekae naa nuteƒekpɔkpɔ kple kakaɖedzi mí. (Lod. 27:17) Ne èto nya si nàgblɔ me kple ame aɖe la, àvo le ɖokuiwò me geɖe wu ne èɖo amewo gbɔ. Ehiã vevie be dzilawo nadi ɣeyiɣi akpe ɖe wo viwo ŋu woadzra ɖo, woaɖo to ne wole woƒe dzeɖonyawo me tom, eye woaɖo aɖaŋu na wo le alesi woayi ŋgɔe ŋu. Aɖe vi na ame yeyewo ne wowɔ dɔ kple gbeƒãɖela siwo bi wu.
10 Mele be wò ŋutɔ wò magazinenana ƒe dzeɖonya dzadzraɖo nasesẽ o. Nya vevi aɖe si nàgblɔ léle ɖe susu me kple egbɔgblɔ wòalé dzi na ame koe. Ne èdo vevie nu eye nède ŋugble le eŋu do ŋgɔ la, àte ŋu adzra dzeɖonya nyui aɖe ɖo si avivi amewo nu.
11 Magazinenana nye mɔ vevi siwo dzi míekakaa Fiaɖuƒegbedasia le le xexeame katã la dometɔ ɖeka. Ne àte ŋu atsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ana anukwaretɔwo la, magazineawo ŋutɔ aƒo nu na wo. Woƒe asixɔxɔ kple alesi woƒe gbedasia ate ŋu aɖe amewo ƒe agbee la nenɔ susu me na wò ɣesiaɣi. ‘Nyuiwɔwɔ kple nunana ame bubuwo’ aleae nye nusi dzea Yehowa ŋu nyuie.—Heb. 13:16.