Ehiã Be Míayi Wo Gbɔ Kaba
Tso esime míetrɔ asi le míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea ŋu la, ame geɖe wu le biabiam be woava srɔ̃ Biblia kpli yewo. Ame siwo ŋu míeke ɖo to dutoƒoɖaseɖiɖidɔa dzi hã dometɔ aɖewo biana be woava srɔ̃ nu kpli yewo. Alɔdzedɔwɔƒea kpɔa nya siawo gbɔ kaba. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe zã jw.org tsɔ bia be woava srɔ̃ Biblia kpli ye la, alɔdzedɔwɔƒea ɖoa nyatakakaa ɖe hame si ƒe anyigbamama me amea le la ƒe hamemetsitsiwo le ŋkeke eve pɛ ko me. Gake nyatakakawo fia be hame aɖewo medoa afɔ na nya sia kaba o. Kwasiɖa geɖe va yina si ame aɖeke meyi ɖadi ɖetsɔlemetɔawo kpɔ o. Aleke míawɔ akpe ɖe ame siawo ŋu hafi woƒe ɖetsɔlemea nu natsi?—Marko 4:14, 15.
Ne ame si mele miaƒe hamea ƒe anyigbamama me o ɖe ɖetsɔleme fia la, mikpe “Taflatsɛ Mitrɔ Yi Wo Gbɔ” (S-43) gbalẽvia ɖo enumake miatsɔe ana hamea ƒe agbalẽŋlɔla le kpekpe si akplɔe ɖo me. Le ŋkeke ɖeka alo eve ko me la, agbalẽŋlɔlaa natsɔ nyatakakaa aɖo ɖe hame si sɔ si ƒe anyigbamama me amea le, alo wòato jw.org dzi aɖoe ɖe alɔdzedɔwɔƒea (yi Congregation > Follow Up). Ele be hamemetsitsiwo nanɔ míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea ʋum edziedzi. Ne woxɔ nyatakaka be woayi ame aɖe gbɔ la, ele be woatso ɖe eŋu kaba. Gbeƒãɖela ɖe sia ɖe si si wobia tso be wòayi amea gbɔ hã natsɔe nu vevii. Ne meke ɖe amea ŋu le aƒea me o la, ɖewohĩ ate ŋu agblẽ nyatakaka ʋɛ aɖewo si me eƒe ŋkɔ kple telefon xexlẽdzesi le la ɖi na amea.