Mɔ Aɖe Si Nu Míazã Agbalẽ Gbadza Si Nye Bible’s Message La Le
Ame siwo le míaƒe anyigbamama me la dometɔ geɖe, vevietɔ wo dometɔ siwo menye Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo me tɔwo o la, menya nya siwo le Biblia me o. Ne gbeƒãɖela aɖewo le nu srɔ̃m kple ame siawo ƒomevi tso Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa me la, wozãa agbalẽ gbadza si nye Bible’s Message la hã tsɔ kpena ɖe woƒe nusrɔ̃viawo ŋu be woanya nya vevi siwo le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe dzroa agbalẽ gbadza la ƒe akpa 1 me kple eƒe nusrɔ̃viwo ne wole Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ta 3 lia srɔ̃m. Esia megbe la, edzroa agbalẽ gbadzaa ƒe akpa bubu me kple nusrɔ̃viawo ɣesiaɣi si wosrɔ̃ nu vɔ. Ðe nèle nu srɔ̃m kple ame aɖe si menya nu boo tso Biblia ŋu o alo menya naneke kura tso eŋu oa? Be nàkpe ɖe eŋu wòasrɔ̃ ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo, siwo ate ŋu ana wòazu nunyala hena ɖeɖekpɔkpɔ’ la, ɖe manyo be nànɔ Bible’s Message gbalẽ gbadzaa me dzrom kplii le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe si miawɔ le Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa me megbe oa?—2 Tim. 3:15.