Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le November Me
“Èsusui be ame siwo dzea agbagba be yewoawɔ Mawu ƒe sewo dzi la kpɔa dzidzɔ geɖe wua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati sia gblɔ nya dodzidzɔname aɖewo ku ɖe esia ŋu.” Tsɔ November 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖeka na aƒemenɔlaa, eye midzro numeɖeɖe siwo le tanya sue siwo le axa 16 kple 17 lia la dometɔ ɖeka te la me. Mixlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ, eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava adzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
The Watchtower November 1
“Ame aɖewo susui be mɔfiame siwo le Biblia me ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu la megasɔ na mí egbea o eye wogblɔna be wonye se kpaɖii siwo mehiã hafi o. Ame aɖewo hã da asi ɖe Biblia ƒe nyawo dzi. Ke nu kae wò ya nèsusu tso nya sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nya si Biblia gblɔ tso ame si gbɔ mɔfiame siwo le eme tso ŋu la ɖa. [Xlẽ 2 Timoteo 3:16.] Magazine sia dzro ale si Biblia ɖo nyabiase ewo aɖewo siwo amewo lɔ̃a biabia tso gbɔdɔdɔ ŋu la ŋu me. Egaɖe ale si mɔfiame siwo le Biblia me la ɖea vi na míi la hã me.”
Awake! November
“Ne míelé ŋku ɖe ɣe, ɣleti, ɣletiviwo, kple nu bubu siwo katã le xexea me ŋu nyuie la, aleke wòasɔ be míaƒo nya tae—ɖe míagblɔ be Wɔla aɖe li loo alo míagblɔ be ɖeko nu sia nu dzɔ le eɖokui sia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nya si Biblia ŋlɔla aɖe gblɔ esi wòlé ŋku ɖe xexea ŋu la ɖa. [Xlẽ Romatɔwo 1:20.] Magazine sia ɖe nu si ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖo le amegbetɔwo ƒe wɔwɔme ŋu si kɔ nya sia me la me.”