Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi míatsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme le Memleɖa gbãtɔ dzi le November me
“Meɖe kuku kpɔ biabia vevi sia ɖa. [Xlẽ biabia gbãtɔ si le November 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la ƒe megbekpaa dzi.] Aleke nàɖo eŋui? [Xlẽ memama eve siwo le biabia ma te kple mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti.] Ðe mate ŋu atrɔ ava ɣebubuɣi ne míadzro nu si tae Yesu fɔ amewo ɖe tsitre kple ale si esia ka míi la mea?”
Gbetakpɔxɔ November 1
“Èbu nu si tae nu dziŋɔ geɖe le dzɔdzɔm le xexea me ŋu kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia ɖe nu si tae wòle alea ɖo la me le Nyaɖeɖefia 12:9. [Xlẽe.] Gake kpukpui 12 lia na míeka ɖe edzi be etsɔme nyui aɖe li. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:12.] Fu siwo kpem míele le Satana ƒe nuwɔna ta la nu ayi kpuie. Nyati sia si ƒe tanyae nye ‘Ðe Satana Li Ŋutɔŋutɔa?’ la ƒo nu tso ale si míate ŋuakpɔ mía ɖokui ta tso Satana si me fifia, kple nu si ava dzɔ ɖe edzi kpuie ŋu. Medi be esia nazu tɔwò.”
Nyɔ! November
“Egbea, ame sia ame dina be yeakpɔ dzidzɔ, gake ame geɖe mele dzidzɔ kpɔm o. Nu kae nèsusu be ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Mekpɔe be Biblia ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòakpɔ dzidzɔ le agbe me. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi Biblia me nya sia. [Xlẽ Hebritɔwo 13:5.] Magazine sia dzro Biblia me nya vevi ene siwo ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la me.”