Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le November Me
“Mía dometɔ akpa gãtɔ dia dziɖuɖu si ate ŋu akpɔ amegbetɔƒomea ƒe kuxiwo gbɔ. Le wò susu nu la, dziɖuɖu kae ate ŋu awɔ esia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nya si magazine sia gblɔ ɖa.” Tsɔ November 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la na aƒemenɔlaa, eye midzro numeɖeɖe si le tanya sue gbãtɔ si le axa 16 lia te la me ɖekae eye mixlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nae, eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
The Watchtower November 1
“Míedi be míanya wò susu le nya aɖe ŋu. Ne àte ŋu abia nya ɖeka Mawu la, nya kae nàbiae? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Le Yesu ƒe nya nu la, esɔ be míadi nyabiase siwo le vevie na mí la ƒe ŋuɖoɖowo. [Xlẽ Mateo 7:7.] Ale si Biblia ɖo nyabiase vevi etɔ̃ siawo ŋui la le magazine sia me.” Tsɔ nyabiase siwo le axa 3 lia te lɔƒo la fia aƒemenɔlaa.
Awake! November
“Míele ƒomewo srãm kpɔ hele kpekpeɖeŋu nam wo. Dzilaɖekɛƒomewo va bɔ egbea ŋutɔ. Èsusui be ƒome siawo toa kuxi geɖe me wu ƒome siwo me dzila eveawo siaa lea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Dzila geɖewo kpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia me. [Xlẽ 2 Timoteo 3:16.] Magazine sia ɖo aɖaŋu aɖewo siwo akpe ɖe dzilaɖekɛwo ŋu woakpɔ dzidzedze le dɔ sesẽ si wɔm wole la me.”