Wɔ Ðoɖo Fifia Be Nàkeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
1. Mɔnukpɔkpɔ ɖedzesi kae sua mía si le Ŋkuɖodziɖuɣia, eye aleke míate ŋu adzra ɖo ɖe eŋu?
1 Ŋkuɖodziɖuɣi ɖe sia ɖe nyea mɔnukpɔkpɔ yeye na mí be ‘míada akpe na Yehowa vevie.’ (Ps. 109:30) Àkeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu le March me atsɔ ada akpe na ame si na tafea mía? Fifiae wòle be míadze ɖoɖowɔwɔ gɔme.—Lod. 21:5.
2. Aleke mia kple ame bubuwo miewɔ nui esi woɖe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe gaƒoƒonudidia dzi kpɔtɔ le ƒe si va yi ƒe April me?
2 Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔ: Le ƒe si va yi me la, hamewo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wosee be wowɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ ƒe ɖoɖo tɔxɛ aɖe le April me heɖe gaƒoƒonudidia dzi kpɔtɔ. Nɔviŋutsu aɖe ŋlɔ bena: “Megakpɔtɔ le sekɛndrisuku, eye mekpɔe be nyemate ŋu awɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa o. Ke hã made asi agbalẽ te [awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa] le April me be mana gaƒoƒo 30, eye maku kutri be makpɔ gaƒoƒo 50.” Nɔvinyɔnu aɖe si dea dɔ me gbe sia gbe ŋlɔ bena: “Gaƒoƒo blaetɔ̃—ekpɔkpɔ le bɔbɔe loo!” Esi woɖe gbeƒã ɖoɖo sia la, nɔvinyɔnu aɖe si nye mɔɖela tsã, si xɔ ƒe 80 kple edzivɔ fifia, la gblɔ be: “Ɣeyiɣi sia tututue mele mɔ kpɔm na! Yehowa nyae be mɔɖeɖedɔa ye nye dɔ si mese vivi na wu le agbe me!” Gake ame siwo kpɔe be yewomate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o la, ɖoe be yewoawɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔa me.
3. Susu kawo tae wòle be míabu kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le March, April, kple May me ŋu?
3 March anye ɣleti nyui aɖe si me míawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le, elabena mɔnukpɔkpɔ agasu mía si ake be míatiae be míana gaƒoƒo 30 loo, alo 50. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míadze amekpekpedɔ tɔxɛ aɖe gɔme tso Memleɖagbe, March 17 lia dzi, akpe amewo be woava wɔ ɖeka kpli mí na Ŋkuɖodzia ɖuɖu le April 5 lia dzi. Ne nɔvi aɖewo keke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le March me la, woakpɔ dzidzɔ ale gbegbe be wo dometɔ geɖe adi be yewoagawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April kple May hã me ahana gaƒoƒo 50.
4. Aleke míate ŋu akeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu, eye nu kae ado tso eme?
4 Ðe manyo be miadzro nya sia me le Ƒometadedeagu fiẽsi si miagawɔ me akpɔe ɖa be aleke ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akeke eƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le Ŋkuɖodziɖuɣia hã oa? (Lod. 15:22) Mido gbe ɖa miabia Yehowa be wòayra ɖe miaƒe agbagbadzedzewo dzi. (1 Yoh. 3:22) Ne èdzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzi la, menye ɖeko wòana nàkafu Yehowa geɖe wu o, ke ana nàgakpɔ dzidzɔ geɖe wu hã.—2 Kor. 9:6.