Àdi Be Yeawɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa?
1. Nu ka tae Ŋkuɖodziɖuɣia nye ɣeyiɣi nyui aɖe si me míate ŋu akeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le?
1 Ŋkuɖodziɖuɣia nye ɣeyiɣi nyui aɖe si me míate ŋu akeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le. Enye ɣeyiɣi si me míedea ŋugble le lɔlɔ̃ gã si Yehowa ɖe fia mí esi wòtsɔ Via xe fe ɖe mía ta la ŋu. (Yoh. 3:16) Esi míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu ta la, míedina vevie be míaƒo nu tso Yehowa ŋu ahagblɔ nu siwo wɔm wòle na ameƒomea ŋu nya na amewo. (Yes. 12:4, 5; Luka 6:45) Enye ɣeyiɣi si me míekpea míaƒe ame nyanyɛwo kple ame siwo le míaƒe anyigbamamaa me etɔxɛe be woade Ŋkuɖodzia kpli mí. Emegbe míedzea agbagba tua ame siwo de Ŋkuɖodzia la ƒe ɖetsɔleme ɖo. Àdi be yeakeke yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu to kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi le March, April, alo May mea?
2. Nu ka tae March nye ɣleti nyui aɖe si me míate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le?
2 Na March Nanye Ɣleti Tɔxɛ Aɖe Na Wò: March anye ɣleti nyui aɖe si me míate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le. Ame siwo de asi agbalẽ te be yewoawɔe la ate ŋu atiae be yewoazã gaƒoƒo 30 alo 50. Ne nutome sue dzikpɔla ava srã miaƒe hamea kpɔ le March me la, mɔnukpɔkpɔa asu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo si be woade kpekpe si wòwɔna kple gbesiagbe mɔɖelawo kpakple mɔɖela veviwo la tso eƒe gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu. Ɣeyiɣi si míatsɔ akpe amewo hena Ŋkuɖodzia, si dze Braɖa, March 26, 2013, dzi la didi wu ƒe siwo va yi me tɔ, eye míadze esia gɔme le March 1 dzi. Gawu la, kwasiɖanuwuwu atɔ̃ sɔŋ ye le March me. Eya ta anyo be nàbu eŋu kpɔ be yeate ŋu ana March nanye ɣleti tɔxɛ aɖe na ye le ƒea me hã.
3. Ðoɖo kawoe míate ŋu awɔ be míadzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi?
3 Wɔ Ðoɖo Fifia: Fifiae wòle be nàlé ŋku ɖe wò ɖoɖowɔɖi ŋu akpɔe ɖa be yeate ŋu awɔ asitɔtrɔ aɖewo awɔ mɔɖeɖedɔa hã. Ele vevie be ƒomea nawɔ nu aduadu, eya ta midzro miaƒe taɖodzinuwo me le miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsi me ne miawɔ ɖoɖo siwo sɔ. (Lod. 15:22) Ne màte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu be nàzã ɣeyiɣi geɖe wu le gbeadzia? Ðe nàte ŋu atsɔ ŋkeke ɖeka akpe ɖe esiwo nètsɔ dea gbeadzi le kwasiɖaa me ŋua?
4. Yayra kawoe míakpɔ ne míedzi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi le March, April, kple May me?
4 Ne míedzi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi le March, April kple May me la, míadzi dzidzɔ kple dzidzeme si míekpɔna tso Yehowa subɔsubɔ kple nunana amewo me la hã ɖe edzi. (Yoh. 4:34; Dɔw. 20:35) Vevietɔe nye be, míaƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔa ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ.—Lod. 27:11.