Na Ŋkuɖodziɖuɣi Sia Nanye Dzidzɔɣi Na Wò!
1. Mɔ siwo dzi míato akpɔ dzidzɔ geɖe wu le Ŋkuɖodziɖuɣi sia dometɔ ɖeka ɖe?
1 Àdi be yeakpɔ dzidzɔ geɖe wu le March, April kple May mea? Mɔ ɖeka si dzi nàto awɔ esiae nye be nàkeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu, eye ne anya wɔ la, nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Aleke esia wɔwɔ adzi wò dzidzɔ ɖe edzi?
2. Ne míekeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu la, aleke wòdzia míaƒe dzidzɔ ɖe edzi?
2 Kpɔ Dzidzɔ Geɖe Wu: Yehowa wɔ mí hede didia mía me be míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le ye subɔsubɔ me esi míele míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔm. (Mat. 5:3) Ewɔ mí hã le mɔ aɖe nu be míakpɔ dzidzɔ tso nunana amewo me. (Dɔw. 20:35) Subɔsubɔdɔa wɔnɛ be míeɖia kɔ na didi evea siaa—be míasubɔ Mawu ahakpe ɖe amewo ŋu. Susu le eme be míagblɔ be ne míewɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me la, míakpɔ dzidzɔ geɖe wu. Gawu la, zi ale si míele gbeƒã ɖem la, zi nenemae míegabina ɖe edzi. Eye ne míebi ɖe dɔa me la, dzi aɖo mía ƒo geɖe wu eye míagatsi dzodzodzoe fũu o. Azɔ hã, mɔnukpɔkpɔ geɖe asu mía si míaɖi ɖase ahadze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. Esiawo katã nana subɔsubɔdɔa vivia mía nu geɖe wu.
3. Nu ka tae March kple April anya nye ɣleti siwo sɔ ŋutɔ na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ?
3 March kple April anye ɣleti siwo sɔ ŋutɔ na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ, elabena míate ŋu atiae be míazã gaƒoƒo 30 alo 50. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, tso Memleɖa, March 22, va se ɖe Dzoɖa, April 14, si míawɔ Ŋkuɖodzia dzi la, míawɔ dɔ tɔxɛ aɖe atsɔ akpe amewo na Ŋkuɖodzia. Hamewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ le esi ame geɖe ‘atsɔ nusɔsɔe’ awɔ dɔ be woakpe anyigbamama geɖe ale si woate ŋui ɖo le ɣeyiɣi si woɖo ɖi na amekpekpedɔa wɔwɔ me ta.—Zef. 3:9.
4. Ne míedi be míawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa la, nu kae wòle be míawɔ?
4 Dzra Ðo Fifia: Di ɣeyiɣi nàlé ŋku ɖe wò ɖoɖowɔɖiwo ŋu kpɔ be asitɔtrɔ kawoe nàte ŋu awɔ be nàkeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu ɣleti ɖeka alo esi wu nenema mahã, nenye be mèwɔ esia haɖe o. Do gbe ɖa tso eŋu. (Yak. 1:5) Ðo dze tso eŋu na wò ƒometɔwo kple hamea me tɔ bubuwo. (Lod. 15:22) Àkpɔe be wò hã àte ŋu akpɔ dzidzɔ si dona tso kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me, togbɔ be ɖewohĩ lãmegbegblẽ le fu ɖem na wò alo èdea dɔme gbe sia gbe hã.
5. Ne míekeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le Ŋkuɖodziɖuɣia la, nu kae ado tso eme?
5 Yehowa di be ye subɔlawo nakpɔ dzidzɔ. (Ps. 32:11) Ne míeku kutri keke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le Ŋkuɖodziɖuɣia la, míakpɔ dzidzɔ geɖe eye míado dzidzɔ na mía Fofo si le dziƒo hã ƒe dzi.—Lod. 23:24; 27:11.