INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/12 axa 1
  • Susu Wuieve Siwo Ta Míeɖea Gbeƒã Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Susu Wuieve Siwo Ta Míeɖea Gbeƒã Ðo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • De Asixɔxɔ Wò Subɔsubɔ Mɔnukpɔkpɔa Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Míaƒe Subɔsubɔdɔa—Enye Lɔlɔ̃ Si Le Mía Si Na Mawu Ðeɖe Fia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • “Yi Edzi Nàlé Be Na Subɔsubɔdɔ, Si Nèlɔ̃ Xɔ Le Aƒetɔ La Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Gbeƒãɖeɖe Doa Ŋusẽ Mí Le Gbɔgbɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 6/12 axa 1

Susu Wuieve Siwo Ta Míeɖea Gbeƒã Ðo

Susu ka tae míeɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me hesrɔ̃a Biblia kple amewo ɖo? Ðe wònye be susu vevitɔa ye nye be míakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu woava agbemɔa dzia? (Mat. 7:14) Susu mae nye esiwo woyɔ ɖe ete la ƒe gbãtɔ, gake menye eyae nye vevitɔa o. Susu 12 siwo gbɔna la dometɔ kae nèsusu be eyae nye vevitɔ si tae míeɖea gbeƒã ɖo?

1. Exɔa amewo ɖe agbe.—Yoh. 17:3.

2. Exlɔ̃a nu ame vɔ̃ɖiwo.—Eze. 3:18, 19.

3. Ena Biblia ƒe nyagblɔɖi aɖe le eme vam.—Mat. 24:14.

4. Eɖea Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fiana. Ame aɖeke mate ŋu atsɔ nya ɖe Yehowa ŋu be etsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo evɔ mena mɔnukpɔkpɔ wo be woatrɔ dzi me o.—Dɔw. 17:30, 31; 1 Tim. 2:3, 4.

5. Enana be míexea fe si míenyi le ame bubu, siwo hã wotsɔ Yesu ƒe ʋu ƒle la, ŋu be míakpe ɖe wo ŋu woadze si Mawu.—Rom. 1:14, 15.

6. Ekpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na ʋufɔɖiɖi.—Dɔw. 20:26, 27.

7. Enye nudidi siwo gbɔ wòle be míaɖo hafi akpɔ ɖeɖe la dometɔ ɖeka.—Eze. 3:19; Rom. 10:9, 10.

8. Eɖea lɔlɔ̃ si le mía si na mía haviwo la fiana.—Mat. 22:39.

9. Eɖenɛ fiana be míeɖoa to Yehowa kple Via.—Mat. 28:19, 20.

10. Enye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe.—Heb. 13:15.

11. Eɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mawu.—1 Yoh. 5:3.

12. Ewɔa akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ me.—Yes. 43:10-12; Mat. 6:9.

Le nyateƒe me la, menye susu siwo tae míeɖea gbeƒã ɖo la katã koe nye esiawo o. Le kpɔɖeŋu me, gbeƒãɖeɖedɔa doa ŋusẽ míaƒe xɔse eye wònaa mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ mí be míanye Mawu ƒe hadɔwɔlawo. (1 Kor. 3:9) Ke hã susu vevi si tae míeɖea gbeƒã ɖo lae nye 12 lia. Amewo ɖo to alo womeɖaɖo to o, míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kɔa Mawu ƒe ŋkɔa ŋu eye wònana be Yehowa ɖoa nya ŋu na ame si le alɔme ɖem le eŋu. (Lod. 27:11) Vavãe, susu nyui geɖewo li siwo tae wòle be míayi edzi anɔ “nu fiam [ahanɔ] nya nyui la gblɔm madzudzɔmadzudzɔe” ɖo.—Dɔw. 5:42.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe