Kpe Ðe Amewo Ŋu Be Woaɖo To Mawu
1. Agbalẽ gbadza kawoe woɖe ɖe go le “Mawu Fiaɖuƒea Neva!” Nutome Gã Takpekpea me, eye nu kae na wonye dɔwɔnu nyuiwo ŋutɔ?
1 Le “Mawu Fiaɖuƒea Neva!” Nutome Gã Takpekpea me la, woɖe agbalẽ gbadza yeye eve siwo nye Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee kple esi gɔme sese le bɔbɔe wu si nye Ðo To Mawu ɖe go. Esi wo me nyawo mesɔ gbɔ o ta la, woate ŋu aɖe wo gɔme kaba eye esia wɔwɔ anɔ bɔbɔe hã. Le nyateƒe me la, woda asi ɖe edzi be woaɖe Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee la gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 431 sɔŋ me hafi woɖee ɖe go le Eŋlisigbe me.
2. Ame kawoe agbalẽ gbadza siawo aɖe vi na?
2 Ame kawo koŋ ye agbalẽ gbadza siawo aɖe vi na? Bu nɔnɔme siwo gbɔna siwo doa mo ɖa le xexea me godoo la ŋu kpɔ:
• Gbeƒãɖela aɖe le dze ɖom kple aƒemenɔla aɖe, eye ede dzesii le yiyi zi gbãtɔ alo tɔtrɔyi wɔwɔ me be aƒemenɔla la menya nuxexlẽ o alo metea ŋu xlẽa nu nyuie o.
• Gbeƒãɖela aɖe le gbeƒã ɖem na ame siwo doa gbe aɖe si me míeɖe agbalẽ ʋɛ aɖewo ko gɔme ɖo alo esi me míeɖe agbalẽ aɖeke kura gɔme ɖo o. Alo ame siwo le anyigbamamaa me la dometɔ akpa gãtɔ metea ŋu xlẽa gbe si wodona nyuie wu la o.
• Gbeƒãɖela aɖe zãa tokunɔgbe tsɔ ɖea gbeƒã na tokunɔwo le eƒe anyigbamama me.
• Dzila aɖe di be yeafia nyateƒea ye vi sue aɖe si menya nuxexlẽ haɖe o la.
3. Aleke wotrɔ asi le Ðo To Mawu gbalẽ gbadza la ŋu?
3 Ale Si Wotrɔ Asi Le Wo Ŋui: Nyawo mesɔ gbɔ ɖe Ðo To Mawu gbalẽ gbadza la me kura o—le agbalẽa katã kloe me la, nyagbe ɖeka si gɔme sese le bɔbɔe kple mawunyakpukpui ɖeka koe le axa ɖe sia ɖe te, eye esiawo ɖe nyati veviawo fia. Nu ka tae? Kpɔe ɖa le susu me be ame aɖe tsɔ agbalẽ gbadza aɖe si le gbegbɔgblɔ aɖe si màte ŋu axlẽ o me la na wò, ɖewohĩ mènya naneke tso ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le eme la hã ŋu o. Ðe agbalẽa ado dzidzɔ na wò, ne nɔnɔmetata siwo nya kpɔ la le eme kura gɔ̃ hã? Ðewohĩ mado dzidzɔ na wò o. Nenema kee agbalẽ siwo me nuŋɔŋlɔwo sɔ gbɔ ɖo la nana be dzi ɖena le ame siwo menya nuxexlẽ o la ƒo. Eya ta nɔnɔmetata siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie la le axa ɖe sia ɖe, eye wowɔ mɔfiadzesi siwo afia mɔ wo tso nɔnɔmetata aɖe dzi yi bubu dzi le numedzodzroa wɔwɔ me.
4. Aleke wotrɔ asi le Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee gbalẽ gbadza la ŋu?
4 Nɔnɔmetata siwo le Ðo To Mawu gbalẽ gbadzaa me la ke koe le Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee la hã me. Wotae be woatsɔe asrɔ̃ nu kple ame siwo menya nuxexlẽ nyuie o alo ame siwo le nuxexlẽ srɔ̃m. Ame si le nua srɔ̃m kple amea ate ŋu azã agbalẽ gbadza sia le nusrɔ̃ɣia ne Ðo To Mawu zãmee nusrɔ̃via le gɔ̃ hã. Le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe si xɔ axa eve la tame le miakpa dzi la, nyabiase aɖe li si ŋu woɖo le nusɔsrɔ̃ ma me. Wotsɔ numeɖeɖewo kple mawunyakpukpuiwo hã kpe ɖe nɔnɔmetataawo ŋu. Aɖaka aɖe le axa geɖe te si me nya bubuwo kple mawunyakpukpui bubuwo le, si me míate ŋu adzro le nusrɔ̃via ƒe ŋutete nu.
5. Ɣekaɣie míate ŋu ana agbalẽ gbadza siawo, eye aleke míawɔe?
5 Ale Si Nàte Ŋu Azã Wo: Àte ŋu ana agbalẽ gbadza siawo dometɔ ɖe sia ɖe le aƒe me yi aƒe me dɔa me ɣesiaɣi si nèkpɔ be aɖe vi, ne míele agbalẽ gbadzawo mam le ɣletia me o gɔ̃ hã. (Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Míate Ŋu Ana Wo.”) Àte ŋu anae ne èle tɔtrɔɣi aɖe wɔm; àte ŋu agblɔ na ɖetsɔlemetɔa be nane le ye si yeadi be yeatsɔ afiae, eye nàtsɔ agbalẽ gbadza la nɛ.
6. Aleke míazã agbalẽ gbadza siawo atsɔ awɔ Biblia nusɔsrɔ̃?
6 Esi wònye be nyabiasewo mele Ðo To Mawu gbalẽ gbadza la me o ta la, numedzodzroa manye nyabiabia kple ŋuɖoɖo abe ale si nèwɔnɛ ne èle nu srɔ̃m kple amewo le Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa me ene o. Le dukɔ ɖe sia ɖe me la, ŋutinyawo sese doa dzidzɔ na amewo. Eya ta zã nɔnɔmetatawo nàtsɔ agblɔ ŋutinya siwo tso gbɔgbɔ me, siwo le Biblia me. Ðe nu si nɔnɔmetata fia la me. Dzo nenɔ mewò. Bia nusrɔ̃via ƒe nukpɔsusu. Xlẽ ŋɔŋlɔ siwo le axa la te, eye dzro wo me nyawo me kplii. Bia nya siwo ana wòakpɔ gome le numedzodzroa me lae, eye nàkpɔ egbɔ be ese nuwo gɔme. Ne Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee zãmee wòle la, mixlẽ numeɖeɖeawo kple mawunyakpukpuiawo ɖekae ne miele nɔnɔmetata ɖe sia ɖe me dzrom.
7. Aleke míate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ŋu wòawɔ ŋgɔyiyi?
7 Kpe Ðe Nusrɔ̃via Ŋu Wòawɔ Ŋgɔyiyi: Kakaɖedzitɔe la, numedzodzroa aʋã wò nusrɔ̃via wòadi be yeasrɔ̃ nuxexlẽ ale be yeate ŋu anɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu le ye ɖokui si. (Mat. 5:3; Yoh. 17:3) Eya ta ne Ðo To Mawu gbalẽ gbadzaa mee miele nua srɔ̃m le, eye ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ɖewohĩ àte ŋu alɔ̃ faa afia nuxexlẽ nusrɔ̃via, eye àte ŋu adze Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee la sɔsrɔ̃ gɔme kple nusrɔ̃via. Agbalẽ gbadza siawo dometɔ ka kee nèɖazã o, nusrɔ̃via madze na nyɔnyrɔxɔxɔ le agbalẽ gbadza la sɔsrɔ̃ vɔ megbe o. Eya ta ele be nàzã Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ bubu si sɔ, si ate ŋu ana wòase Biblia la gɔme nyuie wu la atsɔ ayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii.
8. Nu ka tae nèkpɔ dzidzɔ ɖe dɔwɔnu yeye siawo ŋu?
8 Ele be amewo nàɖo to xexea me katã ƒe Dziɖulagã la ne wodi be yewoanɔ agbe tegbee. (Yes. 55:3) Eye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be “ame ƒomeviwo katã,” siwo dome ame siwo menya nuxexlẽ o hã le la, nasrɔ̃ ale si woaɖo to ye. (1 Tim. 2:3, 4) Aleke gbegbe míekpɔ dzidzɔ ɖe dɔwɔnu yeye siawo siwo míate ŋu azã atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woaɖo to Mawu la ŋue nye esi!
[Aɖaka si le axa 3]
Ale Si Míate Ŋu Ana Wo
Tsɔ axa 2-3 lia fia aƒemenɔlaa eye nàbiae be: “Àdi be yeanɔ agbe le xexe sia tɔgbi mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ŋɔŋlɔawo do ŋugbe [alo agbalẽ kɔkɔe sia do ŋugbe] be eteƒe madidi o Mawu ava wɔ xexe sia wòanye teƒe dzeani aɖe, afi si ŋutifafa anɔ, eye ame aɖeke magada ahe alo alé dɔ o. Se nu si wòle be míawɔ be míanɔ agbe le afi ma ɖa. [Xlẽ Yesaya 55:3, si woyɔ le axa 3 lia tame la.] Ŋɔŋlɔ sia gblɔ na mí be ‘míava’ Mawu gbɔ eye ‘míaɖo toe.’ Gake aleke míate ŋu aɖo to Mawu?” Ʋu axa 4-5, eye nàdzro ŋuɖoɖoa me kplii. Ne vovo mele eŋu o la, tsɔ agbalẽ gbadza la nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro ŋuɖoɖoa me kplii.