INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 March axa 5
  • Ðo To Mawu—Ale Si Míazãe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðo To Mawu—Ale Si Míazãe
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu Be Woaɖo To Mawu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Ale Si Míazã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Dɔwɔnu Yeye si Akpe Ðe Amewo Ŋu Woasrɔ̃ Mawu ƒe Nudidiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Zã “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” Gbalẽa Le Wò Subɔsubɔdɔa Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 March axa 5

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðo To Mawu​—Ale Si Míazãe

Ðo To Mawu

Wotrɔ asi le Ðo To Mawu gbalẽa ŋu be míato nɔnɔmetatawo dzi afia Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ame siwo nuxexlẽ sesẽna. Wotrɔ asi le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe si xɔ axa eve la ŋu nyuie eye wowɔ mɔfiadzesi siwo afia mɔ nusrɔ̃viawo tso nɔnɔmetata aɖe gbɔ yi bubu gbɔ le numedzodzroa me.

Vovototo aɖeke mele nɔnɔmetata siwo le Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee kple Ðo To Mawu gbalẽ gbadzaawo me o, gake nuŋɔŋlɔ siwo le Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee me la sɔ gbɔ wu eye nusrɔ̃vi siwo nya nuxexlẽ vie la ate ŋu azã esia. Zi geɖe la, gbeƒaɖelawo dina be yewoazã esi me nuŋɔŋlɔawo sɔ gbɔ ɖo ne nusrɔ̃via le Ðo To Mawu gbalẽa zãm. Aɖaka aɖe le axa aɖewo, eye nya bubuwo le wo me, si me míate ŋu adzro le nusrɔ̃via ƒe ŋutete nu.

Nɔvinyɔnu aɖe le Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee gbalẽ gbadzaa zãm eye eƒe nusrɔ̃via le Ðo To Mawu gbalẽa zãm

Miate ŋu ana agbalẽawo dometɔ ɖe sia ɖe ne menye eya nam míele le ɣletia me o hã. Ne èle Biblia srɔ̃m kple ame aɖe la, zã nɔnɔmetatawo nàtsɔ aɖe ŋutinya siwo le Biblia me la me. Bia nya siwo ana nusrɔ̃via nakpɔ gome le numedzodzroa me, eye nàkpɔ egbɔ be ese nuawo gɔme. Mixlẽ mawunyakpukpui siwo le axawo te eye miadzro wo me. Ne miewu agbalẽ gbadzaa sɔsrɔ̃ nu la, misrɔ̃ Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? alo Nu Kae Biblia Fia Mí? be wòakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòayi ŋgɔ axɔ nyɔnyrɔ.

Nusɔsrɔ̃ si ƒo nu tso Adam kple Xawa ŋu le Eden-bɔa me si le Ðo To Mawu gbalẽ gbadzaa me
    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe