INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/12 axa 1
  • Zã Mɔnu Aɖe Si Wɔa Dɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zã Mɔnu Aɖe Si Wɔa Dɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Minɔ Nye Nya La Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • “Mina Magazine Xoxo Alo Agbalẽ Gbadza Ðe Sia Ðe Si Ƒo Nu Tso Nya Si Me Aƒemenɔlaa Tsɔ Ðe Le Ŋu”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Ðe Gbeƒã Na “Ame Ƒomeviwo Katã”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Trɔ Yi Afisi Nèkpɔ Ðetsɔlemetɔwo Le
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 9/12 axa 1

Zã Mɔnu Aɖe Si Wɔa Dɔ

1. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Kristotɔ gbãtɔwo zã mɔnu vovovowo tsɔ ɖe gbeƒãe la me?

1 Kristotɔ gbãtɔwo ɖe gbeƒã nya nyuia na subɔsubɔha vovovo me tɔwo kple ame siwo ƒe dekɔnu to vovo na wo tɔwo. (Kol. 1:23) Togbɔ be Mawu Fiaɖuƒe ŋuti gbedeasi ɖeka ma koe wogblɔ hã la, wozã mɔnu vovovowo tsɔ ɖe gbeƒã na amewo. Le kpɔɖeŋu me, esi Petro ƒo nu na Yudatɔ siwo dea bubu gã aɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu la, eyɔ nya tso nyagblɔɖila Yoel ƒe nyawo me tsɔ dze egɔmee. (Dɔw. 2:14-17) Le go bubu me la, kpɔ mɔ si dzi Paulo to de ŋugble kple Helatɔwo, abe ale si wòdze le Dɔwɔwɔwo 17:22-31 ene, ɖa. Egbea la, le anyigbamama aɖewo me la, amewo dea bubu Ŋɔŋlɔawo ŋu, eye míate ŋu azã Biblia vɔvɔ̃manɔmee ne míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm. Gake ate ŋu ahiã be míaɖɔ ŋu ɖo geɖe wu ne míele nu ƒom na ame siwo metsɔa ɖeke le Biblia alo subɔsubɔnyawo me o alo ame siwo menye Kristodukɔa ƒe subɔsubɔha me tɔwo o la.

2. Aleke míate ŋu awɔ agbalẽ siwo nam míele le ɣletia me la ŋu dɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo xɔ Biblia dzi se kple ame siwo mexɔ edzi se o la ŋu?

2 Wɔ Agbalẽ Siwo Míana Le Ɣletia Me La Ŋu Dɔ Nyuie: Agbalẽ siwo míana le subɔsubɔƒe sia me la atrɔ ɣleti eve sia ɣleti eve, eye magazinewo, traktwo kple agbalẽ gbadzawo koŋ ye míazã. Ne míaƒe anyigbamama me tɔwo mexɔ Biblia dzi se o gɔ̃ hã la, míate ŋu aƒo nu tso míaƒe agbalẽawo me nyati aɖe si míekpɔ be ado dzidzɔ na wo la ŋu. Ðewohĩ míate ŋu axlẽ mawunyakpukpui aɖeke alo ahe susu yi Biblia dzi tẽe le yiyi zi gbãtɔ me o, ke hã ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia la, míate ŋu atrɔ ayi kple taɖodzinu be míakpe ɖe eŋu wòaxɔ Wɔla la kple eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la dzi ase. Le go bubu me la, ne míele gbeƒã ɖem le afi si amewo dea bubu Biblia ŋu le la, míate ŋu awɔ agbalẽwo ŋu dɔ eye míazã mɔnu siwo sɔ. Le nyateƒe me la, míate ŋu ana Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu alo Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee la ɣesiaɣi, eɖanye agbalẽ ka ke nam míele le ɣletia me o. Nu vevitɔe nye be míazã mɔnu aɖe si wɔa dɔ.

3. Mɔ ka nue ame siwo le míaƒe anyigbamama me la ƒe dzi le abe anyigba ene le?

3 Dzra Anyigba La Ðo: Ame ƒe dzi le abe anyigba ene. (Luka 8:15) Dzi ƒe anyigba aɖewo hiãa dzadzraɖo blibo hafi Biblia me nyateƒea ƒe nukuwo nate ŋu amie, aƒo ke ɖe to ahatsi le wo dzi. Ƒe alafa gbãtɔ me nya nyui gblɔlawo ƒã nukuwo ɖe dzi ƒe anyigba ɖe sia ɖe ƒomevi dzi dzidzedzetɔe, eye esia he dzidzeme kple dzidzɔ vae na wo. (Dɔw. 13:48, 52) Míate ŋu akpɔ dzidzedze abe woawo ke ene ne míeléa ŋku ɖe mɔnu siwo míezãna ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe