“Mina Magazine Xoxo Alo Agbalẽ Gbadza Ðe Sia Ðe Si Ƒo Nu Tso Nya Si Me Aƒemenɔlaa Tsɔ Ðe Le Ŋu”
Ɣleti siwo me míena Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa hedze agbagba be míadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ me me la, wode dzi ƒo na mí be, ne agbalẽa le aƒemenɔla aɖe si xoxo eye melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye o la, “[míanae] magazine xoxo alo agbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si ƒo nu tso nya si me wòtsɔ ɖe le ŋu.” Nu ka tae?
Agbalẽ gbadzawo kple magazine xoxowo ƒo nu tso nyati vovovo siwo sɔ na ɣeyiɣia ŋu. Nane le agbalẽ mawo me si ate ŋu awɔ dɔ ɖe aƒemenɔlaa ƒe dzi dzi. Eya ta ne èle agbalẽwo dem wò gbeadzidekplo me la, tsɔ agbalẽ gbadza kple magazine xoxo geɖewo hã. Ne magazine xoxo aɖeke mele asiwò o la, ɖewohĩ àte ŋu axɔ ɖewo le magazinexɔƒea. Ekema ànɔ klalo be, ne Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa le aƒemenɔlaa si xoxo eye melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye o la, àte ŋu atsɔ magazine xoxoawo kple agbalẽ gbadza mawo siwo le asiwò la ƒe ɖewo afiae, eye nàbia tso esi be wòatsɔ esiwo do dzidzɔ nɛ. Eyome wɔ ɖoɖo kplii nàtrɔ ayi egbɔ ale be nàtu eƒe ɖetsɔlemea ɖo. Ðewohĩ amea ava lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye mlɔeba.