Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le January Me
“Míedi be míabia wò susu le nya aɖe ŋu. Ne wobia wò be Mawu ƒe ŋkɔ ɖe hã la, ŋkɔ kae nàyɔ? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ numeɖeɖe sia ɖa.” Tsɔ January 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la na aƒemenɔlaa, eye nàhe eƒe susu ayi nyati si le megbekpaa dzi la dzi. Midzro numeɖeɖe si le tanya sue gbãtɔ te la me eye mixlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti eye miadzro eme. Tsɔ magazineawo nae, eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
Gbetakpɔxɔ January 1
“Ame geɖe le nu ƒom tso xexea ƒe nuwuwu ŋu le ŋkeke siawo me. Nu kae nye wò susu, ɖe wòle be míanɔ vɔvɔ̃m na xexea ƒe nuwuwua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Le nya si Biblia gblɔ le afi sia nu la, ame aɖewo atsi agbe. [Xlẽ 1 Yohanes 2:17.] Ale si Biblia ɖo nya siwo amewo lɔ̃a biabia tso xexea ƒe nuwuwu ŋui la ŋu le magazine sia me.”
Awake! January
“Míele ƒomewo gbɔ yim be míana kpekpeɖeŋu wo. Èsusu be ele vevie be ƒomewo nawɔ ɖe Yesu ƒe nya si le Dɔwɔwɔwo 20:35b la dzia? [Xlẽe. Eyome trɔ he susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu.] Le xexe sia si me ame geɖe dia wo ɖokui ɖeɖe ko tɔ me la, asesẽ ŋutɔ be woahe ɖeviwo be woaganɔ wo ɖokui tɔ dim o. Mɔfiame nyui aɖewo le nyati sia me na dzilawo ku ɖe ale si woahe wo viwoe ne woanye ame siwo dia ame bubuwo ƒe nyonyo la ŋu.”