Míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒea—Zãe Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me
He Amewo Ƒe Susu Yi Edzi: Ame aɖewo siwo medina be yewoaɖo dze kpli mí alo axɔ míaƒe agbalẽwo o la dina be yewoawɔ numekuku tso Yehowa Ðasefowo ŋu le jw.org la dzi le yewo ɖokui si le aƒe me. Eya ta anyo be nàhe amewo ƒe susu ayi Internet nyatakakadzraɖoƒea dzi le mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe me.
Ðo Woƒe Biabiawo Ŋu: Ɣeaɖewoɣi la, aƒemenɔla aɖe, ɖetsɔlemetɔ aɖe, alo míaƒe ame nyanyɛ aɖe abia nya aɖe mí tso Yehowa Ðasefowo alo woƒe dzixɔsewo ŋu. Zã asitelefon alo kɔmpiuta nàtsɔ ŋuɖoɖoa afiae enumake. Zi geɖe la, eɖea vi geɖe wu ne míexlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la le Biblia me tẽe. Ne Internet mele asiwò o la, ɖe ale si amea ŋutɔ ate ŋu awɔ akpɔ ŋuɖoɖoa le jw.org la dzi la me nɛ.—Ʋu teƒe si nye “Bible Teachings/Bible Questions Answered” alo “About Us/Frequently Asked Questions.”
Ðo Nyati Alo Agbalẽ Aɖe Ðe Wò Ame Nyanyɛ Aɖe: Tsɔ nyati aɖe alo agbalẽ aɖe si le PDF alo EPUB format me ƒe kɔpi kpe ɖe e-mail ŋu ɖo ɖe wò ame nyanyɛa. Alo àte ŋu awɔ esi woxlẽ ƒe kɔpi ahalée ɖe CD dzi na amea. Ɣesiaɣi si nàɖo Internet dzi gbalẽ, agbalẽ gbadza, alo magazine blibo aɖe ɖe ame aɖe si menye nɔvi xɔnyɔnyrɔ o la, àte ŋu axlẽe akpe ɖe esiwo nèna le gbeadzi la ŋu. Mele be nàɖo nu siawo ɖe amewo ɖokuiwò nu maɖemaɖee alo aɖo wo ɖa le agbɔsɔsɔ me o. Eye mele be woatsɔ wo ada ɖe Internet Nyatakakadzraɖoƒe bubu aɖeke hã dzi o.—Ʋu teƒe si nye “Agbalẽwo.”
Tsɔ Yehowa Ðasefowo Ŋuti Nyadzɔdzɔ Yeyetɔwo Fia Amewo: Esia akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo kple ame bubu siwo gbɔ nèyina le gbeadzi la ŋu woakpɔ ale si gbegbe míaƒe dɔa keke ta yi anyigbaa ƒe seƒe ke kple míaƒe Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ adze sii. (Ps. 133:1)—Ʋu teƒe si nye “News.”
[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 5]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Tee Kpɔ
1 Ʋu teƒe si nye “Agbalẽwo,” tia esi ƒe kɔpi nèdi be yeawɔ, eye nàzi kɔpiwɔwɔ ƒe tiatiawo dometɔ si nèdi la dzi.
2 Zi MP3 dzi be nàkpɔ agbalẽa me nyatiawo katã. Zi nyati aɖe ƒe tanya dzi be nàwɔ esi woxlẽ ƒe kɔpi alo nàzi dzesi sia ▸ dzi be nàsee le Internet la dzi.
3 Ne èdi be yeawɔ agbalẽ aɖe ƒe kɔpi le gbegbɔgblɔ bubu aɖe me la, tia gbe ma le teƒe sia.