Míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒea—Zãe Nàtsɔ Akpe Ðe Gbe Bubu Dolawo Ŋu
Tsɔ Míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒea Fia Amea: Wɔ ale si amea awɔ adi Nyatakakadzraɖoƒe si le wo degbe me le afi si nye “Gbegbɔgblɔ” le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea la fiae. (Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, nu ʋɛ aɖewo ko woakpɔ le edzi.)
Ʋu Agbalẽ Aɖe Si Le Amea Degbe Me La Fiae: Ʋu míaƒe agbalẽwo dometɔ aɖe, le kpɔɖeŋu me, Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo Nya Nyateƒe La ƒe trakt la fiae. Tia gbe si aƒemenɔlaa dona le teƒe si nye “Se.”
Ƒo Nyati Aɖe Na Amea Wòase: Di nyati aɖe si woxlẽ, si le amea degbe me, eye nàƒoe nɛ wòase. Ne èle gbe bubu aɖe srɔ̃m la, àte ŋu awɔ ŋgɔyiyi kabakaba le gbea sɔsrɔ̃ me ne èƒoa agbalẽ aɖe le gbe ma me sena esime nèle exlẽm.—Ʋu teƒe si nye “Agbalẽwo/Agbalẽwo Kple Agbalẽ Gbadzawo” alo “Agbalẽwo/Magazinewo.”
Ðaseɖiɖi Na Tokunɔwo: Ne èdo go tokunɔ aɖe la, ƒo Biblia ƒe ta aɖe, agbalẽ aɖe, agbalẽ gbadza aɖe, alo trakt aɖe, ƒe video si le tokunɔgbe me la ƒe akpa aɖe nɛ wòakpɔ.—Ʋu teƒe si nye “Agbalẽwo/Tokunɔgbe.”
[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 6]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Tee Kpɔ
1 Zi dzesi sia ▸ dzi be nàƒo nyati aɖe si nètia (ne ele mia degbe me) alo nàzi “Kɔpiwɔwɔ Ƒe Tiatiawo” dometɔ aɖe dzi be nàwɔ agbalẽa ƒe kɔpi.
2 Tia gbegbɔgblɔ bubu aɖe le teƒe si nye “Se” be nàʋu agbalẽa ƒe teƒe sia le gbe ma me.
3 Zi “Ŋgɔgbe” alo nyati aɖe dzi le “Emenyawo” te be nàxlẽ nyati alo tanya bubu aɖe.