Nane si Akpe Ðe Wo Ŋu
Kristotɔ vavãwo wɔa dutoƒosubɔsubɔdɔ si nye nyanyuigbɔgblɔdɔa. (Fil. 2:17) Be míate ŋu awɔ esia ade goe la, wode agbalẽ gbadzawo, traktwo, kple nyati vevi aɖewo siwo le gbegbɔgblɔ 20 me habɔbɔa ƒe Internet nyatakakadaɖoƒe si nye www.watchtower.org. Womeɖoe be woato Internet nyadiƒe sia dzi aɖo agbalẽ yeyewo ɖe Yehowa Ðasefowo o. Taɖodzinua enye be woato Internet dzi ana ame hahoowo nake ɖe nyatakaka si sɔ pɛpɛpɛ ku ɖe nusi Yehowa Ðasefowo fiana tso Biblia me ŋu.
Nyitsɔ laa sia la, wotsɔ nu ɖedzesi aɖe kpe ɖe nusiwo le míaƒe Internet nyatakakadaɖoƒea ŋu. Eyae nye agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? si woate ŋu akpɔ le Internet dzi axlẽ le gbegbɔgblɔ siwo wu 220 me. Gakpe ɖe eŋu la, tso Gbetakpɔxɔ, January 1, 2004, kple Nyɔ!, January 8, 2004, ƒe tatawo dzi le gbegbɔgblɔwo katã me la, habɔbɔa ƒe Internet adrɛs dzena le megbekpaa dzi.
Aleke míawɔ azã dɔwɔnu siae? Eyae nye be ate ŋu adzɔ be nàdo go ame aɖe si edze abe etsɔ ɖe le nyaa me ene gake doa gbe bubu si mèse o. Ne amea ate ŋu akpɔ kɔmpiuta azã aʋu Internet le edzi la, ke àte ŋu afia asi Internet adrɛs si le Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! ƒe megbekpaa dzi la nɛ. Esia ana wòate ŋu ake ɖe Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza si le eya ŋutɔ degbe me ŋu axlẽ le kɔmpiuta dzi vaseɖe esime nèkpɔ agbalẽ bubu le wo degbe me hetrɔ yi egbɔ. Alo àte ŋu atsɔ amea ƒe ŋkɔ kple adrɛs ana hame alo ƒuƒoƒo si kpena ɖe gbegbɔgblɔ ma dolawo ŋu.