“Milɔ̃ Nɔviwo Ƒe Habɔbɔ Blibo La Katã”
Ƒe akpe eve kloe ye nye esi va yi si woŋlɔ tanya sia me nya siwo tso gbɔgbɔ me la ɖi. (1 Pet. 2:17) Gake ehiã be míawɔ ɖe wo dzi fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe! Aleke míate ŋu alɔ̃ míaƒe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si keke ta alea gbegbe la? Eye le xexe malɔ̃ame sia me la, nu kae míate ŋu awɔ be míaƒe lɔlɔ̃ nu nagatsi gbeɖe o? (Mat. 24:12) Ne èle video si nye Our Whole Association of Brothers (Mía Nɔviwo Ƒe Habɔbɔ Bliboa Katã) kpɔm la, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo nyabiase siwo gbɔna la ŋu hã.
(1) Ɣekaɣi koŋue míeva zu míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔ? (2) Dɔ etɔ̃ kawo mee mía kple mía nɔvi siwo le xexea me katã míekpɔa gome le? (3) Aleke mía nɔviwo ɖoe kplikpaa be yewoaɖe gbeƒã (a) le Alaska gbedadaƒo nutowo me, (b) le melidzeƒe gã siwo le Europa, kple (d) le Peru ƒe ave totroewo me? (4) Nu ka ta mele be míabui gbeɖe be gbeƒãɖeɖe le abe dɔwɔna dzro aɖe ko ene o? (5) Gblɔ ale si Yehowa Ðasefowo na akɔfafa kple kpekpeɖeŋu wo nɔewo (a) le anyigbaʋuʋuwo megbe, (b) le ahom sesẽwo megbe, kple (d) le dukɔmeviʋawo me? (6) Mɔ kawo nue mí katã míate ŋu aɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ƒe dzesidenu gãtɔ afia le? (Yoh. 13:35) (7) Viɖe kawoe dona tso dɔwɔwɔ ɖekae atu míawo ŋutɔwo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me? (8) Aleke nɔvi siwo le Ɣedzeƒe Europa kple Russia wɔ kpɔ gbɔgbɔmenuɖuɖuwo esi woɖo asi dɔa dzi le afi mawo? (9) Agbagba tɔxɛ kawoe Ðasefo geɖe dzena hafi tea ŋu yia takpekpewo, eye nu ka tae? (10) Aleke video sia do ŋusẽ wò tameɖoɖo kplikpaa be (a) yeasubɔ Yehowa ɖekae kple ye nɔviwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, (b) yeakpe ɖe nɔvi bubuwo ŋu le hiãɣiwo, kple (d) yeaɖe gbeƒã nuteƒewɔwɔtɔe ɣesiaɣi ahakpɔ gome le eme ale si yeate ŋui? (11) Ɣekaɣie míate ŋu azã video sia le gbeadzi, eye aleke míazãe?
Susu vevi si tae míenye Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔwo ɖoe nye be míelɔ̃ Yehowa. Eya ta míelɔ̃ nusɔsrɔ̃ tso eŋu eye míelɔ̃ nufiafia ame bubuwo tso eyama ŋu. Eye míelɔ̃ ame siwo Yehowa lɔ̃na. Ne míekpe ɖe wo ŋu le hiãɣiwo la, míekpɔa mɔ be Mawu nada akpe na mí o. Ke míedaa akpe na Mawu boŋ, elabena míebua míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa be enye nunana xɔasi aɖe tso Yehowa gbɔ. Esi xexe malɔ̃ame sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, mina míayi edzi anɔ eɖem fia be míelɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã!