Nusita Míelɔ̃a Mía Nɔviwo ƒe Habɔbɔ Bliboa Katã
Le egbexexe si me lɔlɔ̃ mele o me la, aleke míate ŋu ayi edzi anɔ lɔlɔ̃ akuakua ɖem fia míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo ɣeawokatãɣi? (Pet. I, 2:17) Aleke míawɔ aɖee afia ame bubuwo be lɔlɔ̃ vavã le míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me ŋutɔŋutɔ? (Mat. 23:8) Míate ŋui to video si nye Our Whole Association of Brothers dzi (Mía Nɔviwo ƒe Habɔbɔ Bliboa Katã). Eɖe susu siwo ta míelɔ̃a mía nɔewo ɖo la fia. Kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo nya siawo ŋu hã:
(1) Nu etɔ̃ kawoe míewɔna ɖekae le míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me? (2) Aleke mía nɔviwo ɖoe kplikpaa be yewoaɖe gbeƒãe (a) le Alaska gbedadaƒo nutowo me, (b) le melidzeƒe gã siwo le Europa, kple (d) le Peru ƒe ave totroewo me? (3) Nukae nye dɔwɔnu vevi si míezãna le ɖaseɖiɖi me wu? (4) Nukata mele be míabui gbeɖe be gbeƒãɖeɖe le abe dɔ tsɛ bubuwo ene ko o? (5) Gblɔ alesi Yehowa Ðasefowo na akɔfafa kple kpekpeɖeŋu wo nɔewo le afɔkudzɔɣiwo—le anyigbaʋuʋuwo, ahom sesẽwo, kple le dukɔmeviʋawo me. (Kpɔ nya siwo Takao gblɔ le Nyɔ!, September 8, 1995, axa 19 [Eŋlisigbe me tɔ, August 22, 1995, axa 23] kple Kotoyo tɔ le Nyɔ!, November 8, 1996, axa 12 [Eŋlisigbe me tɔ, October 22, axa 20]) (6) Mɔ kawo nue mí katã míate ŋu aɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ ƒe dzesidenu gãtɔ afia le? (Yoh. 13:35) (7) Aleke gbegbe wòle be míade asixɔxɔ míaƒe hame ƒe kpekpewo ŋui? (8) Aleke Fiaɖuƒe Akpata si me woakpe le ƒe anyinɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo si ɖeke menɔ tsã o la dzii? (9) Aleke mía nɔvi siwo le Ɣedzeƒe Europa kple Russia te ŋu nɔ te le gbɔgbɔ mee esime woɖo asi woƒe dɔa dzi? (10) Fifia kura gɔ̃ hã la, agbagba tɔxɛ kawoe Ðasefo geɖe dzena hafi te ŋu yia takpekpewo, eye nukatae? Aleke esia ʋã wòe? (11) Nukata nèɖoe kplikpaa be yeasubɔ kpli wo le ɖekawɔwɔ me, be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu ne hiã tu wo, eye be nàɖe gbeƒã nuteƒewɔwɔtɔe le afisiafi alesi nàte ŋui? (12) Nukata wòanyo be video sia ƒe ɖeka nanɔ wò ŋutɔ asiwò nànɔ eɖem fia ɖetsɔlemetɔ geɖe alesi nàte ŋui?