Ale Si Míazã Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
Agbalẽ Gbadza Yeye Si Wota Be Wòahe Biblia Nusrɔ̃viwo Ƒe Susu Ava Habɔbɔa Dzi
1. Susu etɔ̃ kawo tae wota Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu gbalẽ gbadza la?
1 Èdze agbalẽ gbadza yeye si nye Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea? la zazã gɔmea? Eƒe taɖodzinue nye be, (1) wòana Biblia nusrɔ̃viwo nava nya mí nyuie wu, (2) wòakpe ɖe wo ŋu woanya nu tso míaƒe dɔa ŋu, eye (3) wòana woakpɔ ɖoɖo si nu míaƒe habɔbɔa le. Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu gbalẽ gbadzaa me la, nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe le axa ɖeka ko dzi, eye míate ŋu adzro eme le miniti atɔ̃ va se ɖe ewo ko me le Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu.
2. Gblɔ ale si wotrɔ asi le agbalẽ gbadza sia ŋui.
2 Ale Si Wotrɔ Asi Le Eŋui: Woma agbalẽ gbadza la ɖe akpa etɔ̃ me; akpa ɖe sia ɖe dzro nu etɔ̃ siwo wòle be nusrɔ̃viwo nanya tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu la dometɔ ɖeka me. Nusɔsrɔ̃ 28 la katã nye nyabiasewo, eye tanya sue siwo woŋlɔ wòtò le nusɔsrɔ̃a me la ɖo biabiaawo ŋu. Dukɔ siwo wu 50 mee woɖe foto siwo dze le eme la le, eye esia ana woakpɔ ale si míaƒe dɔa keke tae. Aɖaka si nye “Anyo Be Nàwɔ Esia” le nusɔsrɔ̃ aɖewo me, eye míate ŋu ade dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòawɔ ɖe nu siwo ƒe aɖaŋu woɖo le wo me la dzi.
3. Aleke míate ŋu azã Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu gbalẽ gbadza lae?
3 Ale Si Nàte Ŋu Azãe: Gbã la, tsɔ nyabiase si nye nusɔsrɔ̃a ƒe tanya fia nusrɔ̃via. Eyome ne miele memamawo xlẽm la, te gbe ɖe tanya sue siwo woŋlɔ wòtò la dzi. Mlɔeba dzro numetotobiabia siwo le axaa te la me kplii. Miate ŋu axlẽ nusɔsrɔ̃ blibo ɖeka la katã adzro eme loo alo miate ŋu axlẽ memamawo ɖekaɖeka. Tia mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ o dometɔ siwo wòhiã be miaxlẽ la ŋuɖɔɖotɔe. Mègaŋlɔ nɔnɔmetatawo kple aɖaka si nye “Anyo Be Nàwɔ Esia” la be o. Zi geɖe la, miate ŋu adzro nusɔsrɔ̃awo me ɖe ɖoɖo si nu wole la nu. Gake àte ŋu adzro nusɔsrɔ̃ aɖe si aɖe vi na nusrɔ̃via le ɣeyiɣi aɖe koŋ me la me kplii faa. Le kpɔɖeŋu me, ne miaƒe takpekpe aɖe le aƒe tum la, miate ŋu ayi aɖadzro nusɔsrɔ̃ 11 lia me.
4. Nu ka tae nèkpɔ dzidzɔ ɖe dɔwɔnu yeye sia ŋu?
4 Ne míele Biblia srɔ̃m kple amewo la, efia be míele kpekpem ɖe wo ŋu be woava nya mía Fofo si le dziƒo. Ke hã, ehiã be míafia nu wo tso Yehowa ƒe habɔbɔa hã ŋu. (Lod. 6:20) Dzidzɔ gã kae nye esi wònye be dɔwɔnu si ana esia wɔwɔ nanɔ bɔbɔe na mí la su mía si!