Ƒo Nu Tso Nyati Ðeka Ŋu, Gake Tsɔ Magazine Evea Na
Nyati dodzidzɔname vovovowoe nɔa ɣleti ɖe sia ɖe ƒe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me. Le esi nàƒo nu tso wo me nyati vovovoawo ŋu le ʋɔtru ɖe sia ɖe nu teƒe la, zi geɖe la, anyo wu be nàƒo nu tso nyati ɖeka ko ŋu. Ne míeléa ŋku ɖe nu ŋu nyuie, eye míenya nyati siwo le magazineawo me nyuie la, míate ŋu atia nyati si tututu ado dzidzɔ na aƒemenɔlaa tso wo dometɔ ɖeka me. Le kpɔɖeŋu me, ne míekpɔ ɖeviwo ƒe fefenuwo le aƒea me la, míate ŋu aƒo nu tso nyati si ku ɖe ƒomegbenɔnɔ ŋu. Ne ŋutsue míedo go le aƒea me la, míate ŋu aƒo nu tso nyati si doa dzidzɔ na ŋutsu geɖewo, abe esi ku ɖe dziɖuɖu nyui ŋu ene ŋu. Togbɔ be nyati ɖeka ko ŋue míaƒo nu tsoe hã la, zi geɖe la, míatsɔ magazine eveawo ana aƒemenɔlaa nenye be eɖe ɖetsɔleme vavã fia.